18 Tete nɔnɔme, si ɖi amegbetɔ la, gaka asi ŋunye, eye wodo ŋusẽm
18 Nu si ɖi amegbetɔ la gaka asi ŋunye eye wòna ŋusẽ gaɖo ŋunye.
Eye nɔnɔmea ɖe, si ɖi amegbetɔvi la, ka asi nye nuyi ŋu, tete nye nu nu meƒo nu gblɔ na amesi tsi tre ɖe ŋgɔnye la bena: Nye Aƒetɔ, ŋutega la na dzidzi ƒom, eye ŋusẽ vɔ le ŋunye.
Ke mawudɔla ɖe tso dziƒo ɖe eɖokui fiae hele ŋusẽ domii.
Eye esi wole nu ƒom kplim la, ŋuzi tsɔm metsyɔ mo anyi. Tete wòka asi ŋunye hefɔm ɖe tsitrenu ɖe nɔnyeƒe.
eye miatsi le sidzedze Mawu me, eye wòado ŋusẽ mi kple ŋusẽ katã lé eƒe ŋutikɔkɔe ƒe ŋutete la nu hena dzidodo kple dzigbɔgbɔ blewu katã;
Metea ŋu wɔa nuwo katã le Kristo, amesi doa ŋusẽm la me.
bene wòaɖi na mi le eƒe ŋutikɔkɔe ƒe kesinɔ la nu, bena wòado ŋusẽ mi to eƒe Gbɔgbɔ me le ememe la gome,
Esi wòna afima ʋee la, edzo yi ɖato Galatia- kple Frigia-nutowo me ɖekaɖeka hele ŋusẽ dom nusrɔ̃lawo katã.
ke nye la meɖe kuku ɖe tawò, bena wò xɔse nu nagatsi o; eye wò la, gbesigbe nètrɔ la, nado ŋusẽ nɔviwòwo!
Kpɔ ɖa, asia ɖe va ka ŋunye, eye wòfɔm ɖe nye klo kple asi dzi.
Ɖe wòatsɔ eƒe ŋusẽ triakɔ la awɔ aʋa kplima? Kpao ke boŋ akpɔ dzinye!
anye ne matsɔ nye nu ade dzi ƒo na mi, eye nyemagbe nye nuyi tsɔtsɔ ado haha na mi o!
Eye Dawid kpɔ bena, Saul ho be, yeadi eƒe ku. Ke Dawid le ave me le Sif-gbedzi.
Esi nye Daniel mekpɔ ŋutega sia la, medi be, mase egɔme, eye kpɔ ɖa, amea ɖe le tsitre ɖe ŋgɔnye le abe ŋutsu ene.
Gbesigbe meyɔ wò la, ètɔ nam, ède dzi ƒo nam, eye nèɖo ŋusẽ nye luʋɔ.