Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Daniel 1:15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Le ŋkeke ewo megbe la woƒe nɔnɔme nyo, eye woklã wu ŋutsuvl, siwo katã ɖua fia ƒe nuɖuɖu.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

15 Le ŋkeke ewo megbe la, Yuda ɖekakpuiawo dze lãmesesẽtɔwo kple ame siwo ɖu nu nyuiwo wu ame siwo ɖu fia la ƒe nuɖuɖu.

Gade chapit la Kopi




Daniel 1:15
11 Referans Kwoze  

Ne miesubɔ Yehowa, miaƒe Mawu la, ekema ayra ɖe wò nuɖuɖu kple wò nunono dzi, eye maxe mɔ na dɔléle, be mava mia dome o.


Ke eya ɖo eŋu gblɔ bena: Woŋlɔ ɖi bena: „Menye abolo ɖeɖe ko ŋuti ame lanɔ agbe ɖo o, negbe ɖe nya sia nya, si dona tsoa Mawu ƒe nu me la ŋuti.“


Yehowa ƒe yayra wɔa ame kesinɔtɔ agbagba madzemadzee.


Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Ne miegbe toɖoɖo, eye nya mede dzi gbɔ na mi o la, ekema maɖo fiƒode ɖa ɖe mia ŋu, eye matrɔ miaƒe yayra wòazu fiƒode; meƒo fi dee xoxo, elabena nya mede dzi gbɔ na mi o.


Miele nu geɖe sinu kpɔm, gake mesɔ gbɔ o; miehe nu va aƒee, ke meɖo ƒuƒu ɖee. Yehowa be: Nuka tae ma? Le esi nye xɔ nye glikpo li, ke miawo mia dome amesiame le duɖime kem le eƒe xɔtutu me la tae!


Mieƒã nu taŋtaŋ, gake nu ʋeea ɖe ko mieŋe; miedu nu, meɖi ƒo na mi o; mieno nu, meɖi kɔ na mi o; mieta avɔ, mede dzo lã me na mi o; miewɔ dɔ xɔ fetu, eye mietsɔe de kotoku ŋɔŋɔ me.


Nu ʋee, si le ame dzɔdzɔewo si la, nyo wu ame vɔ̃ɖi geɖewo ƒe nu gbogboawo.


Eye wòɖo to wo le nya sia me hetee kpɔ kpli wo ŋkeke ewo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite