Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Kolosetɔwo 4:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Eye ne miexlẽ agbalẽ la vɔ la, miwɔe be, woaxlẽe le Laodikea hame hã, eye ne miawo hã miaxlẽ Laodikeatɔwo tɔ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

16 Nenye be miexlẽ agbalẽ sia vɔ la, mitsɔe ɖo ɖe Laodikea hame la hã woaxlẽ, eye miawo hã mixɔ agbalẽ si meŋlɔ ɖo ɖe wo la hã miaxlẽ.

Gade chapit la Kopi




Kolosetɔwo 4:16
6 Referans Kwoze  

Metà Aƒetɔ la na mi bena, miaxlẽ agbalẽ sia na nɔvi kɔkɔeawo katã.


Ke ne amea ɖe meɖo to miaƒe nya, si le agbalẽ sia me o la, miɖe dzesi eyama, eye migade ha kplii o, bene ŋu nakpee.


Elabena mele didim be, mianya alesi meʋlina ŋutɔ le mia kple amesiwo le Laodikea kpakple ame alesi nu mekpɔ ŋkunye me le ŋutilã me o la ta,


Elabena mele ɖase ɖim le eŋuti bena, ekpɔ agbagbadzedze geɖe le mia kple amesiwo le Laodikea kpakple amesiwo le Hierapoli la ta.


Míeɖuɖɔ nɔvi, siwo le Laodikea la ƒã hekpe ɖe Nimfa kpakple hame, si le eƒe me la ŋu.


Eye Yeremya gblɔ na Seraya bena; Ne èva Babel la, ekema ɖo ŋu anyi, eye naxlẽ nya siawo katã


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite