Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Kolosetɔwo 4:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Mi aƒetɔwo la, miwɔ nusi dzɔ, eye wòsɔ la, na miaƒe dɔlawo, esi mienyae bena, Aƒetɔ li na miawo hã le dziƒo la ta.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

1 Mi aƒetɔwo la, ele be miawɔ nu si nyo, eye wòdze la ɖe miaƒe kluviwo ŋu. Miɖo ŋku edzi ɣe sia ɣi be miawo hã la, Aƒetɔ le mia si le dziƒo.

Gade chapit la Kopi




Kolosetɔwo 4:1
22 Referans Kwoze  

Amesiawo awɔ aʋa kple Alẽvi la, eye Alẽvi la laɖu wo dzi; elabena aƒetɔwo dzi aƒetɔ kple fiawo dzi fia wònye, eye amesiwo li kplii la, wonye ame yɔyɔwo kple ame tiatiawo kpakple nuteƒewɔlawo.


Elabena nublanuikpɔkpɔ manɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ me na amesi mèfia nublanuikpɔkpɔa ɖeke o; ke nublanuikpɔkpɔ ƒoa adegbe ɖe ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋuti.


Kpɔ ɖa, dɔwɔla, siwo ŋe miaƒe agblemenuwo la ƒe fetu, si miegbe wo nana la, le ɣli dom, eye nuŋelawo ƒe ɣlidodoawo va Zebaot, Aƒetɔ la, ƒe towo me.


Le afiawo katã la anyigba ƒe viɖe wònye, ne fia tsa agbledede ɖo ɖɔe.


Eye ŋkɔŋɔŋlɔ le eƒe awu kple eƒe aligo dzi bena: Fiawo dzi Fia kple aƒetɔwo dzi Aƒetɔ!


Eye wòva ve me, esi wòxɔ fiaɖuƒe la vɔ, eye wòtrɔ gbɔ la, bena ena woyɔ dɔla siawo, amesiwo si wòtsɔ ga ɖee la, vɛ nɛ, bena wòanya amesi ɖe vi, kple vi, si wòɖe.


Maɖi ʋɔnu ɖe mia ŋu, eye manye ɖasefo zãzɛ ɖe dzotɔwo kple ahasitɔwo, atam dzodzro kalawo kple amesiwo ŋea fetu ɖe eme na dɔwɔlawo, ɖe amesiwo tea ahosiwo, tsyɔ̃eviwo kple amedzrowo ɖe anyi, eye wogbem vɔvɔ̃ la ŋufi; Yehowa Zebaot ye gblɔe.


Megate hawòvi ɖe anyi o, eye megada adzoe o. Megana agbatedɔwɔla ƒe fetu natsi gbɔwò ŋu nake ɖe edzi o.


„Nukaŋuti míetsi nu dɔ, eye mèlé ŋku ɖe eŋu o, míeka hiã mía ɖokui, eye mèdze sii o?“ Kpɔ ɖa, miewɔ ɖɔ le miaƒe nutsidɔgbe, eye mieƒo du ɖe miaƒe dɔwɔlawo nu.


eye wògblɔ na wo bena: Miawo hã miheyi ɖe weinbɔ la me, eye nusi ke anyo la, mana mi. Eye woyi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite