Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Kolosetɔwo 3:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 migaka aʋatso na mia nɔewo o; elabena mieɖe ame xoxoa kple eƒe nuwɔnawo ɖa,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

9 Migaka aʋatso na mia nɔewo o; elabena mieɖe agbe xoxo la kple eƒe nuwɔnawo ɖa.

Gade chapit la Kopi




Kolosetɔwo 3:9
16 Referans Kwoze  

Eyaŋuti miɖe aʋatsokaka ɖi, eye amesiame nagblɔ nyateƒe na ehavi; elabena ŋutinuwo míenye na mía nɔewo.


bena miaɖe ame xoxo, si nɔ anyi le agbenɔnɔ tsãtɔ la nu, si gblẽa eɖokui le amebeble ƒe nudzodzrowo me la ɖa;


Migafi fi o, migasẽ nu o, eye amea ɖeke megable nɔvia o.


Miawo la mietso fofo, si nye Abosam la me, eye mia fofo ƒe nudzodzrowo miedina be, miawɔ Eya la amewula wònye tso gɔmedzedzea me, eye mele tsitre ɖe nyateƒe la me o, elabena nyateƒe mele eyama me o. Ne ele aʋatso kam la, eƒoa nu tso eya ŋutɔ ɖokui me, elabena aʋatsokala kple aʋatsokafofo wònye.


esi mienyã esia bena, woklã miaƒe ame xoxo la ɖe atitsoga ŋu kplii, bene woaɖe nuvɔ̃ŋutilã ɖa, bene míagasubɔ nuvɔ̃ akpa o.


Israel ƒe ame mamleawo mawɔ nu gbegblẽ o, womaka aʋatso o, eye alakpaɖe manɔ nu me na wo o; ke hoŋ woaɖu nu, eye woatsyɔ akɔ anyi ɖl, amea ɖeke maɖo voɖl na wo o.


Ke avũwo kple afakalawo kple matrewɔlawo kple hlɔ̃dolawo kple trɔ̃subɔlawo kpakple amesiame, si lɔ̃a aʋatsokaka, eye wòkanɛ la, woatsi agbo la godo.


Eye nusianu, si nye nu makɔmakɔ kple amesiwo wɔa ŋunyɔnuwo, eye wokaa aʋatso la, womele yiyi ge ɖe eme o, negbe amesiwo woŋlɔ ɖe Alẽvi la ƒe agbegbalẽa me la koe.


kple ahasiwɔlawo kple amesiwo dɔna kple ŋutsuviwo kple amesiawo kple aʋatsokalawo kple atam dzodzro kalawo, eye ne nu bubua ɖe li, si tsi tre ɖe nufiafia, si le blibo la ŋuti


Ke vɔvɔ̃nɔtɔwo kple dzimaxɔsetɔwo kple fewɔlawo kple hlɔ̃dolawo kple matrewɔlawo kple afakalawo kple trɔ̃subɔlawo kple aʋatsokalawo katã la woakpɔ wo tɔ gome le ta, si le bibim kple dzo kpakple dzokpe la me Esia enye ku evelia.


Ke azɔ miawo hã miɖe nusiawo katã, siwo nye: Dziku, dɔmedzoe, nu tovo wɔwɔ, busunyagbɔgblɔ, ŋukpenanyawo la ɖa tso miaƒe nu me;


Egblɔ be: Vavã, nye dukɔ wonye, vi, siwo madaa alakpa o la wonye, eye wòzu xɔnametɔ na wo.


Nusiwo miawɔ la, wonye esi: Amesiame neto nyateƒe na ehavi, midrɔ̃ ʋɔnu ɖe eleƒe le ŋutifafa me le miaƒe ablɔwo me!


Ame dzɔdzɔe la léa fu alakpanya; ke ame vɔ̃ɖe la dea dzu kple ŋukpe eɖokui ŋu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite