Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Kolosetɔwo 3:19 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

19 Mi ŋutsuwo la, milɔ̃ mia srɔ̃wo, eye migawɔ dɔmevevi le wo ŋu o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

19 Eye mi srɔ̃ŋutsuwo hã la, milɔ̃ mia srɔ̃wo, eye mialé be na wo, eye migado dziku ɖe wo ŋuti alo ablu ɖe wo ta o.

Gade chapit la Kopi




Kolosetɔwo 3:19
14 Referans Kwoze  

Nenema ke, mi ŋutsuwo la, minɔ anyi kple nyɔnuwo le nunya me, esi wonye gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo wu la ŋuti, eye mitsɔ bubu na wo; elabena woawo hã wonye agbe ƒe amenuveve hadomenyilawo, bene míagaxe mɔ na miaƒe gbedodoɖawo o.


Mi fofowo la, migado dziku na mia wo, bene dzika nagatso wo ƒo o.


Mi ŋutsuwo la, milɔ̃ mia ŋutɔwo mia srɔ̃wo, abe alesi Kristo hã lɔ̃ hame la, eye wòtso ye ŋutɔ ɖokui hena ɖe eta la ene,


Mina woaɖe veve helĩhelĩ kple dɔmedzoe kple dziku kple ɣlidodo kple busubɔbɔ katã kpakple nu tovo wɔwɔ katã hã ɖa le mia dome.


Ke miawo hã mia dome ɖesiaɖe nalɔ̃ ye ŋutɔ srɔ̃anyɔnu nenema ke, abe ye ŋutɔ ɖokui ene; ke nyanu la nasi srɔ̃a ɖa.


Mia kple nyɔnu, si nèlɔ̃na la, miɖu agbe le wò agbenɔnɔ ƒuƒlu ƒe ŋkekewo katã, si wotsɔ na wò le ɣea le la me, ŋkeke ƒuƒlu, siwo katã nele agbe; elabena esia nye wò agbe kple wò agbagba, si nèdze le ɣea te la ƒe gome.


Eye Isak kplɔe yi ɖe dada Sara ƒe agbadɔ me, eye wòɖe Rebeka wòzu srɔ̃a, eye wòlɔnɛ ŋutɔ. Ale Isak ƒe ake fa le dada ƒe ku ŋuti.


Ke ne ŋuʋaʋã vevi kple dzrehehe le mia dzi me la, migaƒo adegbe, eye migaka aʋatso ɖe nyateƒe la ŋuti o.


Ne amea ɖe va gbɔnye, eye melé fu fofoa kple dadaa kple srɔ̃a kple viawo kple nɔviaŋutsuwo kple nɔvianyɔnuwo, ẽ, ye ŋutɔ ƒe agbe gɔ̃ hã o la, mate ŋu anye nye nusrɔ̃la o.


fiƒode kple veve helĩhelĩ yɔ woƒe nu me fũ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite