Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Kolosetɔwo 2:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 amesi me woɣla nunya kple sidzedze ƒe kesinɔnuwo katã ɖo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 Eya mee wòɣla nunya kple sidzedze ƒe kesinɔnuwo katã ɖo.

Gade chapit la Kopi




Kolosetɔwo 2:3
21 Referans Kwoze  

ke hena wo amesiwo woyɔ la, Yudatɔwo kple Helatɔwo siaa, mieɖea gbe ƒã Kristo, si nye Mawu ƒe ŋusẽ kple Mawu ƒe nunya la.


Ke eya ŋuta gbɔ wòtso miele Kristo Yesu me, amesi zu nunya kple dzɔdzɔenyenye kple kɔkɔenyenye kpakple fexexeɖeta, si tso Mawu gbɔ la na mí,


Oo, Mawu ƒe kesinɔnuwo kple nunya kple sidzedze me goglo loo! Aleke eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo me dzodzro tsitotsito meli o, eye eƒe mɔwo mele nyanya me gobi o ale!


Eyata míawo hã, tso ŋkeke, si dzi míesee la, míedzudzɔ gbedodoɖa kple kukuɖeɖe ɖe mia ta o, bene eƒe lɔlɔ̃nu ƒe sidzedze nayɔ mi fũ le gbɔgbɔ ƒe nunya kple gɔmesese katã me,


esi wòna wògba go na mí le nunya katã kple aɖaŋudzedze katã me,


Eyaŋuti migavɔ̃ wo o, elabena naneke meli wotsyɔ nu edzi, si womelé ɖeɖe ge afia o; eye wometsɔ naneke hã ɣla, si womete nyanya ge o.


Mina Kristo ƒe nya la nanɔ mia me geɖe fũ, eye mitsɔ nunya sia nunya fia nu mia nɔewo, eye mixlɔ̃ nu mia nɔewo kple Psalmowo kple kafukafuhawo kpakple gbɔgbɔ me hawo, eye midzi ha le amenuveve me na Mawu le miaƒe dziwo me.


ne édii abe klosalo ene, eye nèdi eyome mɔ abe kesinɔnu, si le to me ene la,


Amesi ke to li nɛ la, nese nusi Gbɔgbɔ la gblɔ na hameawo bena: Amesi ke ɖu dzi la, mana mana ɣaɣla la ƒe ɖee, eye mana kpe ɣie, eye le kpea dzi la woŋlɔ ŋkɔ yeye ɖi, si amea ɖeke menya o, negbe amesi xɔe la koe.


Eɣla ɖe agbagbeawo katã ƒe ŋkuwo, eye wòbe ɖe dziƒoxewo.


Elabena mieku, eye wotsɔ miaƒe agbe kple Kristo ɣla ɖe Mawu me.


elabena edze Mawu ŋu bena, agbɔsɔsɔ blibo la katã nanɔ eyama me,


Eye Yehowa ƒe gbɔgbɔ, si nye nunya kple gɔmesese ƒe gbɔgbɔ, adaŋu dede kple ŋusẽ ƒe gbɔgbɔ, sidzedze kple Yehowa vovo ƒe gbɔgbɔ la, anɔ edzi.


Esi Israel blibo la se ʋɔnu, si fia la drɔ̃ la, wode asi fia la vɔvɔ̃ me; elabena wokpɔ be, Mawu ƒe nunya le eme hena ʋɔnudɔdrɔ̃.


Ameka wòde adaŋu kplii, be woafia nunyae, eye wòafia nui le nu dzɔdzɔe ƒe mɔ ŋu, wòafia sidzedzee, eye wòaɖe gɔmesese ƒe mɔ afiae?


Le esia ta hã Mawu ƒe nunya gblɔ bena: Madɔ nyagblɔɖilawo kple apostolowo aɖo ɖe wo gbɔ, eye woawu wo dome ɖewo, eye woati wo yome,


amesi míawo míele gbe ƒã ɖem hele nu xlɔ̃m amesiame, eye míele nu fiam amesiame le nunya sia nunya me, bene miaɖo amesiame anyi blibo le Kristo me:


Eye esia ŋuti ke mitsɔ veviedodo katã kpe ɖe eŋuti, eye miɖe amewɔwɔ fia le miaƒe xɔse me, eye le amewɔwɔ me la sidzedze,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite