Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Kolosetɔwo 2:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Elabena mele didim be, mianya alesi meʋlina ŋutɔ le mia kple amesiwo le Laodikea kpakple ame alesi nu mekpɔ ŋkunye me le ŋutilã me o la ta,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

1 Adzɔ dzi nam ŋutɔ nenye be ɖe mianya ale si meʋlina ŋutɔ ɖe miawo kple ame siwo le Laodikea la kple nɔvi vevi bubu siwo menyam kura o la hã ta.

Gade chapit la Kopi




Kolosetɔwo 2:1
18 Referans Kwoze  

nusi ta hã medzea agbagba ɖo, eye metsina le eƒe ŋusesẽ, si sẽa ŋu ŋusẽtɔe le menye la nu.


elabena ʋiʋli ma ke, si miekpɔ le ŋunye, eye azɔ miesenɛ le ŋutinye la, le miawo hã mia si.


Nusi nèkpɔ la, ŋlɔe ɖe agbalẽ me, eye natsɔe aɖo ɖe hame adre, siwo le Efeso kple Smirna kple Pergamo kple Tiatira kple Sardes kple Filadelfia kple Laodikea.


Azɔ la mekpɔa dzidzɔ le fu, siwo mekpena le mia ta la me, eye mewua nusiwo susɔ le Kristo ƒe fukpekpewo me la nu le nye ŋutilã me, le eƒe ŋutilã, si enye hame la ta,


hele nu xam, vevietɔ le nya, si wògblɔ bena, womegale yeƒe ŋku me kpɔ ge akpɔ o la ŋuti. Eye woɖoe ɖa vaseɖe ʋua me.


amesi miele kpɔkpɔm o, gake mielɔ̃nɛ; amesi miekpɔ haɖe o, gake miexɔa edzi sena, eye mietsɔa dzidzɔ, si mele gbɔgblɔ o, si ŋutikɔkɔe li na la, tsoa aseye,


Elabena ne nyemele mia gbɔ ɖe ŋutilã me o hã la, mele mia gbɔ le gbɔgbɔ me, eye dzi le dzoyem, esi mekpea miaƒe ɖoɖo kple miaƒe Kristo dzixɔse ƒe kelili.


Vinyewo, amesiwo ƒe fu gale ɖuyem, halase esime woamè Kristo ƒe nɔnɔme ade nua me!


Eye azɔ, kpɔ ɖa, menyae bena, mi amesiwo katã dome mete hele gbe ƒã dem mawufiaɖuƒea la, miegale nye ŋku me kpɔ ge akpɔ o.


Eye le eƒe ʋiʋli me la edo gbe ɖa vevie gawu, eye wòva ve me bena, eƒe fifia le abe ʋukɔwo ene hele gegem ɖe anyigba toŋtoŋ.


Amesi tso gbedodoɖawo kple kukuɖeɖewo le eƒe ŋutilã me nono ƒe ŋkekewo me hekpe ɖe ɣlidodo sesĩ kple aɖatsiwo ŋu va amesi te ŋu xɔe tso ku me la gbɔ, eye wòɖo toe le esi wòvɔ̃a Mawu la ŋuti;


ke boŋ wònye míekpe fu, eye wodo vlo mi le Filipi tsã hafi, abe alesi mienyae ene, gake míekpɔ dzideƒo le mía Mawu me hegblɔ eƒe nyanyuie la fia mi le ʋiʋli geɖe me.


Eye Raxel gblɔ bena: Meʋli heƒo koko na Mawu le nɔvinye ta, meɖu dzi Eyata wòna ŋkɔe bena Naftali.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite