Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Amos 9:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Ale Yehowa gblɔ esi: De mi Israel-viwo, miele nam abe Kusiviwo ene oa? De nyemekplɔ Israel tso Egipte-nyigba dzi, Filistitowo tso Kaftor, eye Aramtɔwo tso Kir oa?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

7 Yehowa be, “O Israelviwo, ɖe miele nam abe Kustɔwo ene oa? Ɖe menye nyee kplɔ Israel tso Egiptenyigba dzi, Filistitɔwo tso Kaftor kple Siriatɔwo tso Kir oa?”

Gade chapit la Kopi




Amos 9:7
14 Referans Kwoze  

le ŋkeke, si gbɔna la ta, be woagblẽ Filistitowo katã, eye woatsrɔ̃ Tiro kple Sidon ƒe xɔnametɔ susɔeawo; elabena Yehowa le Filistitɔ, siwo kpɔtɔ ɖe Kaftor-ƒukpo dzi la gblẽ ge.


Asur-fia ɖo toe, eye Asur-fia ho va Damasko hexɔe, eye wòkplɔ wo yi Kir, eve wowu Rezin.


Eye Kaftoritɔwo tso Kaftor heva tsrɔ̃ Awitɔwo, amesiwo nɔ kɔƒekɔƒewo me vaseɖe Gaza, eye wònɔ wo teƒe.


Mekplɔ mi tso Egipte-nyigba dzi, eye mena miezɔ gbe dzi ƒe blane, ne miaxɔ Amoritɔwo ƒe anyigba.


Maŋe Damasko ƒe gametiwo, eye amesiwo le nuvɔ̃bali me la kple amesi; lé fiatikplɔ ɖe asi le dzidzɔkpɔxɔwo me la, atsrɔ̃, eye woaɖe aboyo Aram-dukɔ la ayi Kir; Yehowa ye gblɔe!


Yakob si yi Aram-nyigba dzi; nyɔnu me Israel subɔ ɖo, eye nyɔnu tae wònyi lã ɖo.


Ne ame yibɔ ate ŋu atrɔ eƒe ŋutigbalẽ, eye lãkle atrɔ eƒe agbalẽ ŋɔtaŋɔta la, ekema mi, amesiwo nu vɔ̃ɖi wɔwɔ mã la hã, miate ŋu awɔ nu nyui.


Elam kpla daku, eye tasiaɖam, siwo ame ya, kple sodolawo kpe ɖe eŋu; Kir klo nu le akpoxɔnu ŋu.


nenema Asur-fia akplɔ Egipte ƒe aboyomewo kple Kus ƒe amesiwo wonyã de gbe la ayii, ɖekakpuiwo kple amegã ɖeɖiwo, woaɖe ama, anɔ afɔ ƒuƒlu, eye woƒe agɔnu atsi ƒeƒle; ŋukpe wònye na Egipte.


Gbemagbe Yehowa kplɔ Israel-viwo ƒe amehawo tso Egipte-nyigba dzi.


Elabena nye Yehowa enye wò Mawu, nye Israel ƒe kɔkɔetɔ la enye wò xɔnametɔ. Matso Egipte aƒle tawo, eye Kus kple Seba axɔ de tewòƒe.


Eye Asa ho yi ɖakpee, eye wodze aʋa ɖe Zefata-bali la me le Maresa gbɔ.


Eye Asa kple aʋakɔ, si le eŋu la, ti wo yome vaseɖe Gerar, eye Kusitɔwo tsi aʋa, ale be wo dometɔa ɖeke metsi agbe o; elabena wotsrɔ̃ le Yehowa kple eƒe aʋakɔ la ŋgɔ. Eye woha nu geɖe ŋutɔ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite