Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Amos 9:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Eye ne wodze woƒe futɔwo ŋgɔ yi aboyo me la, madɔ yi woawu wo le afima; matso nye ŋku aɖo wo ŋu ɖe vɔ̃ me, eye menye ɖe nyui me o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

4 Togbɔ be woƒe futɔwo akplɔ wo ayi aboyo me hã la, afi ma hã maɖe gbe be woawu wo kple yi. “Nye ŋkuwo anɔ wo ŋu na vɔ̃, ke menye na nyui o.”

Gade chapit la Kopi




Amos 9:4
20 Referans Kwoze  

Maka mi ahlẽ ɖe dukɔwo dome, eye maɖi yi anɔ mia yomee, miaƒe anyigba azu gbegbe, eye miaƒe duwo azu glikpo.


Eyata ale Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Kpɔ ɖa, matsɔ nye ŋku aɖo mia ŋu hena vɔ̃wɔwɔ mi, eye matsrɔ̃ Yuda blibo la.


Yehowa be; Metrɔ nye ŋku me ɖe du sia ŋu ɖe vɔ̃wɔwɔ ŋu, menye ɖe nyuiwɔwɔ ŋu o; woatsɔe ade asi na Babel-fia, ne woatɔ dzoe.


Wò akpa etɔ̃liawo ɖeka aku ɖe dɔvɔ̃ nu, eye dɔwuame atsrɔ̃ wo ɖe mewò; akpa etɔ̃liawo ɖeka atsi yi nu aƒo xlã wò godoo ava kpe, eye makaka akpa etɔ̃liawo ɖeka ahlẽ ɖe yawo katã nu, eye maɖi yi anɔ wo yome.


Ne Israel ƒe aƒemetɔa ɖe alo amedzrovi, si le wo dome, ɖu lãʋua ɖe la, maɖe ŋku atɔ amesi ɖu ʋua la, eye matsrɔ̃e ɖa le eƒe dukɔ la dome.


Tɔ dzo akpa etɔ̃liawo ɖeka ɖe dua me, nenye be, toɖeɖe ƒe ŋkekeawo wu enu; tsɔ yi fũ akpa etɔ̃liawo ɖeka ƒo xlãe godoo, eye natsɔ akpa etɔ̃liawo ɖeka ahlẽ ɖe ya nu, eye maɖi yi anɔ wo yome.


Yi nagblɔ na Kusitɔ Ebed-Melex bena: Ale Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Kpɔ ɖa, mana nye nyawo nava me ɖe du sia ŋu hena vɔ̃, eye menye hena nyui o, eye woava me le ŋkuwò me le ɣemaɣi.


Matsɔ nye ŋku aɖo wo ŋu hena nyuiwɔwɔ, eye mana woatrɔ agba va anyigba sia dzi, matu wo, eye nyemagbã wo o, mado wo, eye nyemaho wo o.


Elabena Yehowa ƒe ŋku kpɔa anyigba blibo la dzi, eye woɖoa ŋusẽ amesiwo ku ɖe eŋu kple woƒe dzi blibo. Ewɔ bometsinu; eyata tso fifi la aʋa ano dowòme.


Nugblẽlawo va to ƒeƒlewo katã ta me te gbe dzi; elabena Yehowa ƒe yi le nu ɖum tso anyigba ƒe mlɔenu ɖaseɖe anyigba ƒe mlɔenu; ŋutifafaa ɖeke meli na ŋutilãwo katã o.


Kpo ɖa, Aƒetɔ Yehowa ƒe ŋku le fiaduƒe wonuvɔ̃ sia ŋu, eye matsrɔ̃e ɖa tso anyigba dzi; ke ɖeko nyematsrɔ̃ Yakob ƒe aƒe la keŋkeŋ o, Yehowa ye gblɔe.


Hafi ŋkeke siawo naɖo la, fetu menɔ anyi na amegbetɔwo kple lãwo o; amesi do alo va eme la ŋu mefa o, le futɔ ta, eye meɖe adã ta me na amegbetɔwo katã ɖe wo nɔewo ŋu.


Eye nègblɔ na wò dɔlawo bena: mikplɔe vɛ nam, ne makpɔ.


Le fɔŋli la Yehowa le dzobibi kple alilikpo dodo me kpɔ Egiptetɔwo ƒe aʋakɔ dzi ɖa, eye wòtɔtɔ Egiptetɔwo ƒe aʋakɔ la.


Yehowa klẽ ŋku ɖe amesiwo le vɔ̃ wɔm la, ne yeatsrɔ̃ woƒe ŋkɔ ɖa le anyigba dzi.


Kplɔe, eye wò ŋku nanɔ eŋu, eye megawɔ vɔ̃a ɖekee o, ke boŋ alesi wòagblɔ na wò la, nenema nawɔ nɛ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite