Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Amos 9:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Ale Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, ŋkeke li gbɔna, eye woanɔ agbleŋɔŋlɔ dzi ahade asi na nuŋeɣi, woanɔ weinfiafiã dzi ahade asi na nuƒãɣi, towo atsyɔ aha yeye, eye togbɛwo katã aƒo beke.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

13 Yehowa be, “Ŋkekewo li gbɔna,” “esime nukuxala maxa nuku vɔ hafi agbleŋlɔla nagadze agbleŋɔŋlɔ gɔme o, eye wainfiala mafia wain vɔ hafi woagadze waintiwo dodo gɔme o. Aha yeye atsyɔ le towo dzi, eye wòatsa le togbɛwo tame.

Gade chapit la Kopi




Amos 9:13
15 Referans Kwoze  

Menye miawoe gblɔ bena: Ɣleti ene koe susɔ, eye nuŋeɣi la laɖo o mahã? Kpɔ ɖa, mele egblɔm na mi bena: Miwu miaƒe ŋkuwo dzi, eye miakpɔ agblewo dzi ɖa bena, woƒu xoxo, eye wonyo na ŋeŋe.


Sesewuwo amie ɖe ŋuvewo teƒe, eye gbe ʋeʋẽewo amie ɖe dzawo teƒe, eye wòazu kafukafu na Yehowa kple ŋkuɖodzinu mavɔ, si nu mayi o.


Luƒoɣi adidi vaseɖe weinhaɣi, eye weinhaɣi adidi vaseɖe nuƒãɣi, eye míakpɔ abolo geɖe aɖu, eye mianɔ miaƒe anyigba dzi bɔkɔɔ.


eye woagblɔ bena: „Anyigba, si nye gbegbe tsã la, zu abe Eden-bɔ ene, ame le ɖu, siwo nye aƒedo kple gbegbe, eye wogbã wo ƒu anyi tsã la me, eye wozu du sesẽwo.“


Towo lólo abe anyigba ene le Yehowa ŋku me, le anyigba blibo la ƒe Aƒetɔ ŋku me.


towo dzo kpekpekpe le Yehowa ŋku me, eye Sinai sia ʋuʋu le Yehowa. Israel ƒe Mawu ƒe ŋku me.


Aƒetɔ, Yehowa Zebaot, amesi ka asi anyigba ŋu wòlólo gbanaa, eye edzinɔlawo katã xa nu, ede dzi glodzoo abe Nil ene, eye wòdze eme abe Egipte-tɔsisi ene;


Ede ka eƒe tedzivi de weinka ŋuti, kple eƒe tedzinɔvi ɖe weinka nyui ƒe abɔwo ŋui! Enyã eƒe avɔ le wein me, kple eƒe avu le weintsetse me tsi me.


Dzidzɔ kple vivisese nu tso le abɔwo me, eye womegale aseye tsom le dzidzɔ kpɔm le weingblewo me o; womegafiãa wein le weinfiãnu me o, eye metsi dzidzɔɣli nu.


Woanɔ edzi bɔkɔɔ, eye woatu xɔwo ahade weingblewo; ne medrɔ̃ ʋɔnu amesiwo katã le vlo dom wo le goawo katã me la, woawo ano anyi bɔkɔɔ, eye wòadze sii be, nye Yehowa ye nye woƒe Mawu.


Lu ayɔ lugbɔƒe fũ, eye aha yeye kple ami ado agbogbo ɖe ahafiãƒe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite