Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Amos 9:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Le ɣemaɣi la mafɔ Dawid ƒe agbadɔ gbagbã la de tsitrenu, eye matre eƒe gbagbãƒewo, mafɔ eƒe glikpowo ɖe tsitrenu, eye matui abe tsã ene;

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

11 “Ekema le ɣe ma ɣi me la, “Magbugbɔ David ƒe agbadɔ atu, maɖɔ eƒe fiasã gbagbãwo ɖo, magaɖo eƒe aƒedowo te, eye magbugbɔ atui abe ale si wònɔ tsã ene,

Gade chapit la Kopi




Amos 9:11
37 Referans Kwoze  

Eye woatsɔ amenuveve ali ke fiazikpuia ɖe, eye ʋɔnudrɔ̃laa ɖe anɔ edzi le Dawid ƒe agbadɔ me ɖikaa, amesi dia nya dzɔdzɔe yome, eye wòsea dzɔdzɔenyenye me.


Eɖe alɔ do keke atsiaƒu nu ke, eye eƒe ɖɔ de tɔsisi la nu.


Tete eƒe dukɔ la ɖo ŋku Mose dzi le blema ŋkekewo me be: Afika amesi kplɔ wo tso atsiaƒu hekpe ɖe eƒe lãha ƒe kplɔla ŋu la le? Afika amesi na eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe nɔ wo dome la le?


Emegbe Israel-viwo atrɔ adi Yehowa, woƒe Mawu la, kple woƒe fia Dawid; eye woanɔ dzodzom nyanyanya ava Yehowa kple eƒe dɔmenyo gbɔ le ŋkekeawo ƒe nuwuwu.


Mana amegbetɔwo kple lãwo nasɔ gbɔ ɖe mia dzi, woakeke ta, eye wòadzi; mana ame nanɔ mia dzi abe tsã ene, eye mawɔ nyui na mi wu tsã, ne miadze sii be, nyee nye Yehowa.


Eye gbemetiwo katã adze sii be, nye Yehowa ye bɔbɔ ati kɔkɔ la ɖe anyi, eye mekɔ ati tehee la ɖe dzi; nyee na ati mumu la ku, eye ati kuku la dze, nye Yehowa ye ƒo nu, eye mewɔe hã.


Yehowa, trɔ mí ɖe ŋuwò, ne míatrɔ; wɔ míaƒe ŋkekewo yeye abe tsa ene.


Matsɔ ade asi na eƒe kudilawo kple Babel-fia Nebukadnezar kpakple eƒe dɔlawo; ke emegbe la ame aganɔ edzi abe tsã ene. Yehowa ye gblɔe.


Azɔ mana mianya nusi wɔ ge mala nye weingble la: Makaka kpo le eŋu, ne lãwo naɖui, magbã gli le eŋu, ne woazɔ edzi.


Ɖe menye wòe tɔ kpɔ ɖe eya ŋutɔ kple eƒe nuwo katã ŋu godoo oa? Eyra eƒe aƒe kpakple eƒe asinudɔwɔwɔwo, eye eƒe lãhawo gbagba ɖe anyigba dzi.


Tsɔ wò atikplɔ kplɔ wò dukɔ, wò ŋutɔ wò lãha, siwo ɖe ɖe aga le ave me le Karmel dzi; woaɖu gbe le Basan kple Gilead abe blema ene.


Eyata atsɔ wo aɖe asi vaseɖe ɣeyiɣi, si funɔa ɖe nadzi vi; emegbe nɔviawo ƒe mamlea atrɔ agbɔ akpe ɖe Israel-viwo ŋu.


ke boŋ woasubɔ Yehowa, woƒe Mawu la, kple woƒe fia Dawid, amesi ɖo ge mala na wo.


Meɖo ŋu blemaŋkekewo, mede ŋugble le wò nuwɔwɔwo kalã ŋu, eye mesusu wò asinudɔwɔwɔwo ŋu.


Eɖi gbɔ wò dɔla ƒe nubabla, ègblẽ kɔ ɖo na eƒe fiakuku hetsɔe ƒu gbe ɖe anyigba.


Woaxɔ Edom ƒe anyigba, eye woaxɔ eƒe futɔ Seir hã ƒe anyigba; ke Israel ya akpɔ ŋusẽ.


Viwòwo atso blemaƒedowo, eye afɔ gbaɖegbetɔwo ƒe glikpowo ɖe tsitrenu, eye woayɔ wò be „gli gbagbãwo ɖɔɖola, mɔwo dzradola, ne woatso aƒe ɖi.“


eye mana ƒome nado tso Yakob me, eye nye towo ƒe domenyila natso Yuda me; nye ame tiatiawo anyi edome, eye nye dɔlawo anɔ afima.


Ɣebubuɣi la meƒo nu le dukɔ kple fiaɖuƒea ɖe ŋu be, matsoe, eye made eƒe agunu to;


Ke xɔname anɔ Zion-to dzi, anye kɔkɔeƒe, eye Yakob ƒe aƒe la axɔ woƒe domenyinu.


Nye futɔ, meganɔ dzidzɔ kpɔm ɖe ŋunye, o; elabena ne medze anyi la, magafɔ, eye ne mebɔbɔ nɔ viviti me la, Yehowa ye nye nye kekeli.


Ŋkeke la ghɔna, be woaɖo wò gliwo, eye wò liƒowo ate ayi adzɔge ʋĩ gbemagbe.


eye nagblɔ na bena: Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Ŋutsua ɖe, si ŋkɔ nye Zemax la, amie tso to me, eye wòatu Yehowa ƒe gbeɖoxɔ la.


Yehowa axɔ na Yuda ƒe agbaɖɔ gbã, ne Ɖa-wlɖ ƒe aƒe kple Yerusalemtɔwo magaƒo aɖegbe ɖe Yuda ŋu akpa o.


Anyigba blibo la azu gbadzaƒe tso Geba vaseɖe Rimon le Yerusalem ƒe dziehe. Yerusalem aɖo kpo, eye wòanɔ eteƒe hɔkɔɔ tso Benyamingbo la nu ɖake ɖe agbo tsãtɔ nɔƒe vaseɖe dzogoegbo la nu, tso Xananeel ƒe xɔ tsrala gbɔ vaseɖe fia ƒe ahafiãƒe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite