Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Amos 8:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 De anyigba maʋuʋu, eye edzinɔlawo katã naxa nu le esia ta oa? Akɔ dzi glodzoo abe Nil, eye wòadze agbo agadze anyi abe Egipte-tɔsisi la ene.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

8 “Le esia ta anyigba adzo nyanyanya, ame sia ame afa konyi, eye woakɔ ayi dzi abe Nil tɔsisi ene. Woadze agbo, agadze anyi abe Egipte tɔsisi la ene.”

Gade chapit la Kopi




Amos 8:8
22 Referans Kwoze  

Aƒetɔ, Yehowa Zebaot, amesi ka asi anyigba ŋu wòlólo gbanaa, eye edzinɔlawo katã xa nu, ede dzi glodzoo abe Nil ene, eye wòdze eme abe Egipte-tɔsisi ene;


Eyata anyigba axa nu, eye nu ati kɔ na edzinɔlawo katã, eye woatsrɔ̃ gbemelãwo, dziƒoxewo kple keke atsiaƒumelãwo ke hã.


Egipte ye gbɔna abe Nil ene, eye eƒe tsiwo le tsotsom abe tɔsisiwo ene, eye wògblɔ be: Mayi aɖaɖe anyigba la, eye matsrɔ̃ duwo kple wo me nɔlawo.


Esi meɖo xaxa me la, meyɔ Yehowa, eye medo ɣli na nye Mawu. Ese nye gbe le eƒe gbedoxɔ me, eye nye ɣlidodo de egbɔ ge ɖe eƒe to me.


Eyata Yehowa ƒe dɔmedzoe bi ɖe eƒe dukɔ ŋu, eye wòdo eƒe alo ɖe dzi heƒo wo, ale be towo dzo kpekpekpe, eye woƒe kukuawo tsi kpɔdome abe gbeɖuɖɔ ene. Ke to esiawo katã gbɔ hã la eƒe dɔmedzoe nu mefa o, eye eƒe alɔ gale dzi ko.


Tete Amegbetɔvi la ƒe dzesi lado ɖe dziŋgɔli me, eye anyigba dzi ƒomeawo katã wòado konyifaɣli, eye woakpɔ Amegbetɔvi la le dziƒolilikpowo dzi gbɔna kple ŋusẽ kple ŋutikɔkɔe geɖe.


Matrɔ miaƒe ŋkekenyuiewo woazu nuxaxa kple miaƒe hawokatã woazu konyifaha, made akpanya aliwo katã, eye tawo katã nazu ta kokoe, mana wòanɔ, abe alesi wofaa konyi na tenuvi ene, eye eƒe nuwuwu anɔ abe ŋkeke vɔ̃e ene.


Ŋɔdzi ɖo Samariatɔwo le Bet-Awen ƒe nyivi la ŋuti; elabena esubɔlawo le nu xam le eta, eye eƒe trɔ̃nuawo le dzodzom nyanyanya, le esi eƒe ŋutikɔkɔe dzo le egbɔ ta.


Le kwiasiɖa blaade vɔ eve megbe la woatsrɔ̃ amesiamina la fɔmaɖimaɖii, eye amegã, si le vava ge la ƒe dukɔ agbã du la kple kɔkɔeƒe la, eye enu ayi abe tɔsisie kplɔe dzoe ene; aʋawɔwɔ kple aƒedo ana anyi vaseɖe nuwuwu.


Ɣekaɣi anyigba naxa nu ase ɖo, eye gbe naƒu le anyigba blibo la dzi le edzi nɔlawo ƒe vɔ̃ɖiwɔwɔ ta, lãwo kple xewo natsrɔ̃, le esi wole gbɔgblɔm be, makpɔ míaƒe nuwuwu o la ta?


Ameka nye esi gbɔna abe Nil ene, eye eƒe tsiwo le tsotsom abe tɔsisiwo ene?


Tete anyigba ʋuʋu, eye dzidzi ƒoe, elabena Yehowa wo eƒe tame, si wòɖo ɖe Babel ŋu, be yeana Babel-nyigba nazu gbegbe, eye ame navɔ le edzi la dzi.


Ke ana tsi naƒo ɖi bababa, eye wòatsrɔ̃ eƒe nɔƒe, eye wòalsɔ viviti ayɔ eƒe fulɔwo ɖe nu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite