Esi miefanya ame dahewo kple afɔ, eye miexɔ blidzɔ le wo si la, eyata miatsɔ kpe fufuwo atu xɔe, gake mianɔ wo me o; miade weingble nyowo, gake miano woƒe wein o.
Ke baba na mi, agbalẽfialawo kple farisitɔwo, alakpatɔwo, bena mietua dziƒofiaɖuƒe la ɖe amewo nu; elabena mia ŋutɔwo mieyina ɖe eme o, eye amesiwo le yiyim ɖe eme hã la, mieɖea mɔ na wo be, woayi o.
Tete nyagblɔɖila Yeremya gblɔ na nyagblɔɖila Xananya bena: Xananya, see: Menye Yehowa ye do wò o, hafi nèle nanam be, dukɔ sia nanɔ dzi ɖom ɖe alakpaka ŋu.