Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Amos 8:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Matrɔ miaƒe ŋkekenyuiewo woazu nuxaxa kple miaƒe hawokatã woazu konyifaha, made akpanya aliwo katã, eye tawo katã nazu ta kokoe, mana wòanɔ, abe alesi wofaa konyi na tenuvi ene, eye eƒe nuwuwu anɔ abe ŋkeke vɔ̃e ene.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

10 Matrɔ miaƒe ŋkekenyuiwo woazu konyifafa, eye miaƒe dzidzɔhawo azu avihawo. Mianɔ funyivɔ me, alũ ta kolikoli abe mia viŋutsu ɖeka hɔ̃ɔ si le mia si lae ku ene. Nyateƒe, ŋkeke ma ave le miaƒe nu me ŋutɔ.”

Gade chapit la Kopi




Amos 8:10
30 Referans Kwoze  

Nye dukɔ ƒe nyɔnuvi, ta akpanya, eye na ƒo togotogoe le dzowɔ me; xa nu le tenuvi la ŋu, eye nata konyi vevie; elabena nugblẽla le ƒoƒo ge ɖe mía dzi kpoyi.


Matrɔ amenuveve kple kokoƒoƒo ƒe gbɔgbɔ akɔ ɖe Ɖawlɖ ƒe aƒe kple Yerusalemtɔwo dzi, eye woafɔ ŋku ɖe amesi woƒo nu ɖo la dzi, woafa konyi nɛ, abe alesi wofaa: konyi na tenuvi ene, eye woafa avi nɛ vevie, abe alesi wofaa avi na vi ŋgɔgbea ene.


woata akpanya, eye woalulu, ŋukpe alé ŋkumewo katã, eye tawo katã anye ta kokoe.


Elabena tawo katã nye ta kokoe, wolũ gewo katã, abi kuku teƒe le asiwò katã ŋu, eye akpanya le aliwo katã dzi.


Esime wòle eƒe ƒoɖo yɔm kple nuɖuɖu la, eɖe ga eƒe dɔmedzoe heliheli la ɖe eŋu, eye wòna wòdza ɖe edzi le nuaɖuƒe.


Eyata ne azã ɖo edzi la, maɖe bli kple wein ɖa, eye maxɔ nye ɖeti kple nye anazi, si wòtsɔna xea eƒe amae la.


Elabena ne woɖo wo nɔewo me nyamanyama abe aŋɔka ene, eye woƒo tsi abe woƒe nunonowo ene la, woabi keŋkeŋ abe gbe ƒuƒu ene.


Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Nyɔnu, siwo dzia ha le fiasãwo me la, afa avi gbemagbe, ame kukuwo asɔ gbɔ, eye woazi ɖoɖoe atso wo, aƒu gbe ɖe teƒewo katã.


Te wò hawo ƒe ɖiɖi ɖe megbe tso gbɔnye, wò saŋkuƒoƒowo le to me vem nam!


Viviti kple blukɔ negbugbɔe yii, alilikpo dodo netsyɔe edzi, eye zãdokeli neɖo dzikatsoƒoe nɛ!


eye mia kple viwòŋutsu kple viwònyɔnu, wò dɔlaŋutsu kple wò dɔlanyɔnu kpakple Lewito kple amedzro, tsyɔ̃evi kple ahosi, siwo le wò duwo me la, miakpɔ dzidzɔ le wò ŋkekenyuie la dzi.


eye wòyi ɖabɔbɔ na ɖevi la kasa le adzɔge boo, wo dome didi abe aŋutrɔ ƒe duɖiɖi me ene; elabena egblɔ bena: Nyemate ŋu akpa ɖevi la ƒe kuƒe o. Eyata wòyi ɖabɔbɔ no adzɔge boo ɖo; tete ɖevi la de asi avifafa me sesĩe.


Ne ɖa be le dzodome na amea ɖe la, ekema tabebetɔ wònye; eŋu kɔ.


Ʋeʋẽ kũ axɔ ɖe ʋeʋẽ lilili teƒe, ka axɔ ɖe alidziblanu teƒe, tabebe axɔ ɖe ɖaƒoƒo teƒe, akpanyatata axɔ ɖe awu ʋlaya nyui teƒe, eye dzobi axɔ ɖe nyonyo teƒe.


Wò vɔɖinyenye aka mo na wo, eye wò godzedze ahe to na wò, ne nadze sii, eye nakpɔ, alesi wòvɔ̃ɖii, eye wòvenae be, nègblẽ Yehowa, wò Mawu la ɖi, eye vɔvɔ̃a ɖeke mele ŋunye na wò o, Aƒetɔ Yehowa Zebaot ye gblɔe!


Míaƒe dzidzɔ nu tso, míaƒe ɣeɖuɖu zu nuxaxa.


Amevi, ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ ɖe Israel-nyigba ŋu enye si: Nuwuwu gbɔna, nuwuwu gbɔna na anyigba la ƒe go eneawo!


Xa nu abe ɖetugbi, si ta akpanya ɖe eƒe ɖetugbimesrɔ̃ ŋu la ene!


Melé fu miaƒe ŋkekenyuiewo, eye metsri wo, eye nyemaʋẽ miaƒe takpegbewo ase o.


Nye gakasaŋku do konyifagbe, eye nye dze ƒe ɖiɖi zu avigbe.


Eye matsi eƒe dzidzɔkpɔkpɔwo katã, ŋkekenyuiewo, dzinu yeyewo, dzudzɔgbewo kple takpegbewo katã nu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite