Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Amos 7:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Isak ƒe nuxeƒewo azu gbegbe, Israel ƒe kɔkɔefewo azu aƒedo, eye matso yi atso ɖe Yerobeam ƒe aƒe la ŋu.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

9 “Woagbã Isak ƒe nuxeƒewo, Israel ƒe Kɔkɔeƒewo azu aƒedo, eye matso ɖe Yeroboam ƒe aƒe la ŋu kple yi.”

Gade chapit la Kopi




Amos 7:9
16 Referans Kwoze  

Eye Israel dze mo kple eƒemetɔwo katã, eye esi wòɖo Berseba la, esa vɔ na fofoa Isak ƒe Mawu la.


wo amesiwo tà Samaria ƒe dzidada, eye wogblɔna bena: „Dan, míetà wò mawu ƒe agbe, eye míetà Beer-Seba-ma!“ Woadze anyi, eye womagafɔ o.


Ke migabia Betel ta se o, migava Gilgal o, eye migayi Beer-Seba o; elabena Gilgal ayi aboyo me, eye Betel atsrɔ̃.


Gbesigbe mahe to na Israel ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ la, mahe to na Betel ƒe vɔsamlekpuiwo hã, eye woaŋe vɔsamlekpui la ƒe dzowo woage adze anyi.


Woatsrɔ̃ nuxeƒe, siwo Israel tsa wɔ nuvɔ̃e la ɖa le Awen, ŋuwo kple aŋɔkawo alo ɖe woƒe vɔsamlekpuiwo dzi, eye woagblɔ na towo bena; Mitsyɔ mía dzi! eye na togbɛwo be: Mimũ dze mía dzi!


Ɣeyiɣi ʋeea ɖe ko wò to kɔkɔe la nɔ si me, tete miaƒe futɔwo nyã avuzi le wò kɔkɔeƒe la dzi.


Ŋukpe lé mí, elabena ele na mí be, míase vlodoame kple to; ŋukpe tsyɔ mo na mí, elabena ame tutɔwo va ƒo ɖe Yehowa ƒe aƒemenu kɔkɔeawo dzi.


Elabena ale Amos gblɔ esi: Yerobeam aku ɖe yi nu, eye woaɖe aboyo Israel atso eƒe anyigba dzi.


Ke megagblɔ nya ɖi le Betel azɔ o; elabena fia ƒe kɔkɔeƒe kple fiaɖuƒe ƒe gbedoxɔ wònye.


Yakob ƒe dzidadawo kple Israel ƒe aƒe ƒe nuvɔ̃wo tae nusiawo katã dzɔ ɖo. Yakob ƒe dzidada ɖe? Ɖe menye eya nye Samaria oa? Yuda ƒe nuxeƒe ɖe? Ɖe menye eyae nye Yerusalem oa?


Ewɔ nusi nye vɔ le Yehowa ŋku me, eye meɖe asi le Yerobeam, Nebat vi ƒe nuvɔ̃, siwo katã wòtsɔ ble Israel de nuvɔ̃ me la ŋu o.


gblɔ bena: Mi Israel-towo, mise Aƒetɔ Yehowa ƒe nya! Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ ɖe towo kple togbɛwo, agatowo kple balimewo ŋu enye si: Kpɔ ɖa, mahe yi ava mia dzi, eye magblẽ miaƒe nuxeƒewo.


Eye mekpɔ Aƒetɔ la wòtsi tre ɖe vɔsamlekpui la dzi gblɔ bena: Ŋe kɔ le sɔtiawo nu, ne kpuiawo nadzo kpekpekpe, eye nagbã wo ɖe wo katã ƒe ta dzi! Matsɔ yi awu wo viwoe, wo dometɔa ɖeke masi o, eye amea ɖeke makpɔtɔ o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite