Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Amos 7:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Tete Yehowa gblɔ nam bena: Amos, nuka kpɔm nele? Meɖo ŋu bena. Tsumikpee Eye Aƒetɔ la gblɔ bena: Kpo ɖa, mada tsumikpe ɖe Israel-duko la dome, eye nyemagatsɔe akee azɔ o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

8 Aƒetɔ la biam be, “Amos, nu ka nèkpɔ?” Meɖo eŋuti be, “Glidzidzenu.” Yehowa gayi dzi be, “Kpɔ ɖa, metsɔ glidzidzenu ɖo nye dukɔ, Israel titina. Nyemagatsɔe ake wo azɔ o.

Gade chapit la Kopi




Amos 7:8
15 Referans Kwoze  

Eye wògblɔ nam bena: Amos, nuka kpɔm nèle? Meɖo ŋu be: Kutsetse ɖiɖi kusi taŋ. Tete Yehowa gblɔ nam bena: Nye dukɔ Israel ɖiɣi ɖo, nyemagatsɔe akee azɔ o.


Yehowa ɖo be, yeatsrɔ̃ Zion-nyɔnuvi ƒe gli; eda ka, mehe eƒe asi ɖe megbe tso nugbegblẽ me o, eye wona kpoƒuƒu kple gli le nu xam; nu le woa kple eve la siaa ŋu.


Yehowa be: Egbem, eye nède megbe, eyata mado nye asi ɖa ɖe ŋuwò, eye matsrɔ̃ wò, nublanuikpɔkpɔ tim.


Mawu kae ɖe nuwò? Wò amesi tsɔa vodada kena, eye mèléa ŋku ɖe wò domenyinu mamlea ƒe dzidada ŋu o; meléa dɔmedzoe ɖe ɖɔ me ɖikaa o, eye amenuveve ƒe nu dzea ŋuwò.


Matsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ awɔ dzidzekae, eye dzɔdzɔenyenye anye nudanu; dzikpe atsrɔ̃ aʋatsositsoƒe la, eye tsi akplɔ bebeƒe la adzoe;


Matsi Samaria ƒe ka kple Axab ƒe aƒe la ƒe kpe ɖe Yerusalem dzi, eye matutu Yerusalem, abe alesi wotutua agba me tsɔna tsyɔ anyi ene.


Tete wògblɔ nam bena: Nuka kpɔm nèle? Meɖo ŋu bena: Mele agbalẽ toaʋalaa ɖe kpɔm wòdidi abɔklugui blave, eye wòkeke ahɔklugul ewo.


Aluge kple hlɔ̃made anɔ edzi, eye adzexe kple akpaviã atso aƒe ɖe edzi; ada dzidzeka ɖe edzi, be woazu gbegbe kple nudakpe ɖe edzi, be wòazu aƒedo.


Eye wòna mekpɔ ŋutega, kpɔ ɖa, Aƒetɔ la tsi tre ɖe gli, si dzɔ kã la dzi, eye wòlé tsumikpe ɖe asi.


Elabena amekae ado vlo gɔmedzedze nyaŋui? Weakpɔ tsumikpe, si le Zerubabel si la, kple dzidzɔ, wo ame aɖre siawo nye Yehowa ƒe ŋku, siwo le tsatsam le anyigba blibo la dzi.


Eye wògafɔ fu dzi nyɔnuvi. Tete wógblɔ nɛ bena: Tsa ŋkɔ na be „Amemalɔ̃e,“ elabena nyemagakpɔ nublanui na Israel ƒe aƒe la atsɔe anɔ wo kem ɖaa o.


Eye wògblɔ nam bena: Nuka kpɔm nèlé? Meɖo ŋu bena: Mele akaɖitia ɖe, si wolsɔ sika ɖeɖe wɔe la kpɔm; aminu le eta me, eye akaɖlgbɛ adre le eŋu, eye alɔ adre, siwo me to le la, le aka-ɖlgbɛawo ŋu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite