Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Amos 7:17 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 Eyata ale Yehowa gblɔ esi: Srɔ̃wò awɔ gbolo le dua me, wò ŋutsuviwo kple wò nyonuviwo atsi yi nu, eye woatsɔ dzidzeka amã wò anyigbae, wò ŋutɔ àku ɖe anyigba makɔmakɔ dzi, eye woaɖe aboyo Israel atso eƒe anyigba dzi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

17 “Aleae nye Yehowa ƒe ŋuɖoɖo na wò, “ ‘Esime nètsi tsitre ɖe nyagblɔɖiawo ŋuti ta la, srɔ̃wò azu gbolo le du sia me, woawu viwò ŋutsuwo kple nyɔnuwo kple yi; woatsɔ dzidzeka ama wò anyigbae. Wò ŋutɔ ya, àku ɖe dzronyigba dzi, eye Israelviwo azu kluviwo le aboyo me le anyigba aɖe si le didiƒe ke la dzi.’ ”

Gade chapit la Kopi




Amos 7:17
24 Referans Kwoze  

Womatsi Yehowa ƒe anyigba dzi o, ke boŋ Efrayim agbugbɔ ayi Egipte, eye woaɖu nu makɔmakɔ le Asur.


Le Hosea ƒe ƒe asiekelia me la Asur-fia xɔ Samaria, eye wòkplɔ Israel yi Asur hetsɔ wo ɖo Xalax kple Xabor le Gozan-tɔsisi la nu kpakple Media-duwo me.


Eye Yehowa gblɔ bena: Alea Israel-viwo aɖu abolo makɔmakɔ le dukɔwo domee, afisi menya wo aɖo ɖo.


Eyata ale Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, maɖe wò ɖa le anyigba dzi; àku le ƒe sia me, elabena ègblɔ aglãdzenya ɖe Yehowa ŋu.


Elabena ale Amos gblɔ esi: Yerobeam aku ɖe yi nu, eye woaɖe aboyo Israel atso eƒe anyigba dzi.


Ale Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔ ɖe Axab, Kolaya vi, kple Zedekiya, Maaseya vi, amesiwo le alakpanya gblɔm ɖi na mi le nye ŋkɔ me la ŋu enye si: Matsɔ wo ade asi na Babel-fia Nebukadnezar, eye wòawu wo le mia ŋku me.


Maƒo dukɔwo katã nu ƒu ɖe Yerusalem ŋu, ne woawɔ aʋa kplii, woaxɔ ɖua, eye woaha xɔwo, woagblẽ nyɔnuwo, eye ɖu la ƒe afã ayi aboyo me, ke womatsrɔ̃ dukɔ la ƒe susɔe le ɖua me o.


Wogblẽ nyɔnuwo le Zion kple ɖetugbiwo le Yuda-duwo me.


Ale Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Eŋlɔ agbalẽ le wò ŋkɔ me ɖo ɖe dukɔ blibo, si le Yerusalem kple nunɔla Zefanya, Maaseya vi, kpakple nunɔla wo katã bena:


Tete Yehowa ƒe gbe va na Yeremya, le esime nyagblɔɖila Xananya ŋe kɔkuti le nyagblɔɖila Yeremya ƒe ko megbe bena:


Ke woaɖe aboyo wò Pasxur kple aƒewò me tɔwo katã, eye mia kple xɔwo, siwo katã nèka aʋatso gblɔ nya di na la, míayi Babel aku woaɖi ɖe afima.


woaxlã wo viwo ɖe nu le wo ŋku me, woaha woƒe aƒewo, eye woade asi wo srɔ̃wo ŋu.


Enyã dukɔwo le wo ŋgɔ, eye wòdzidze nu ɖe edzi na wo, ne wòanye wo tɔ, eye Israel-toawo nɔ woƒe agbadɔwo me.


Eye dɔwuame kple yi atsɔ amesiwo wole nya gblɔm ɖi na la aƒu Yerusalem-kpɔdomeewo, eye womaɖi wo o, woawo kple wo srɔ̃wo, woƒe ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo siaa, eye matrɔ woƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ akɔ ɖe wo dzi.


Eyata mianɔ ŋgɔ na aboyomewo ayi aboyo me, eye amesiwo dra ɖe aba dzi la ƒe nukoko hahaha nu atso!


Eye Aƒetɔ Yehowa na mekpɔ ŋutega, kpo ɖa, kutsetse ɖiɖiwo yɔ kusia ɖe fũ.


Eye mekpɔ Aƒetɔ la wòtsi tre ɖe vɔsamlekpui la dzi gblɔ bena: Ŋe kɔ le sɔtiawo nu, ne kpuiawo nadzo kpekpekpe, eye nagbã wo ɖe wo katã ƒe ta dzi! Matsɔ yi awu wo viwoe, wo dometɔa ɖeke masi o, eye amea ɖeke makpɔtɔ o.


Kpo ɖa, Aƒetɔ Yehowa ƒe ŋku le fiaduƒe wonuvɔ̃ sia ŋu, eye matsrɔ̃e ɖa tso anyigba dzi; ke ɖeko nyematsrɔ̃ Yakob ƒe aƒe la keŋkeŋ o, Yehowa ye gblɔe.


Lũ ta kokoe le viwò, siwo ghɔ mèlɔ̃a nu le o la ta; wò ta nebebe tegblẽ abe akagã tɔ ene, elabena wokplɔ wo dzoe le gbɔwò.


eye woaŋlɔ wò kotikoti abe nu mligoe ene aɖo ɖe anyigba, si keke le goawo kple eve me la dzi. Afima naku ɖo, eye afima wò tasiaɖam nyuiawo atsi, wò, amesi nye wò aƒetɔ ƒe aƒe ƒe ŋukpe la!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite