Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Amos 7:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Azɔ se Yehowa ƒe nya! Egblɔ be: Megagblɔ nya ɖi ɖe Israel ŋu o, eye megadudu nyã ƒo ɖi ɖe Isak ƒe aƒe la ŋu o!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

16 Azɔ ɖo to nàse gbedeasi sia, si tso Yehowa gbɔ na wò. Ègblɔ be, “ ‘Mègagblɔ nya ɖi ɖe Israel ŋuti o, eye mègagblɔ Mawu ƒe nya tsi tsitre ɖe Isak ƒe aƒe ŋu o.’

Gade chapit la Kopi




Amos 7:16
14 Referans Kwoze  

Wole gbɔgblɔm be: Migagblɔ nya o, migagblɔ nya siawo tɔgbe o, vlodoame nu metso o,


Amevi, trɔ ŋgɔ dze dziehe gome, dudu nya ƒo ɖe dziehe, eye nagblɔ nya ɖi ɖe ave, si le gbegbe le dziehe la ŋuti.


Ke megagblɔ nya ɖi le Betel azɔ o; elabena fia ƒe kɔkɔeƒe kple fiaɖuƒe ƒe gbedoxɔ wònye.


Nye nufiafiawo le ɖuɖu ge abe tsidzadza ene, eye nye nyawo le dzadza ge abe zãmu ene; wole abe tsie nyɔ ɖe gbe dzi ene, eye wole abe tsie tso ka ɖe amagbe dzi ene.


amesiwo gblɔ na nukpɔlawo be: Migakpɔ nu o, eye wogblɔ na nyagblɔɖilawo be: Migagblɔ nya, si le eteƒe la, ɖi na mí o, ke boŋ migblɔ nya ŋɔnɔewo na mi, eye migblɔ alakpanyawo ɖi!


Eye wògblɔ bena: Azɔ se Yehowa ƒe gbe: Mekpɔ Yehowa wòbɔbɔ nɔ anyi ɖe eƒe fiazikpui dzi, eye dziƒoʋakɔ blibo la le tsitre ƒo xlãe le eƒe ɖusi kple mia me.


Tete Samuel gblɔ na Saul bena: Ɖo to gbɔ, ne magblɔ nya, si Yehowa to nam eto ƒe zã la na wò! Egblɔ be: Ƒo nu!


Amevi, gblɔ nya ɖi ɖe Israel ƒe nyagblɔɖilawo, amesiwo le nya gblɔm ɖi la ŋu, eye nagblɔ na amesiwo le nya gblɔm ɖi tso woawo ŋutɔ ƒe dzi me la bena: Mise Yehowa ƒe nya!


Ke miena wein Mawu ƒe kluwo wono, eye miede se na nyagblɔɖilawo gblɔ be: Migagblɔ nya ɖi o!


Ke esime Yerobeam le tsitre ɖe vɔsamlekpui la dzi, be yeado dzudzɔ la, kpɔ ɖa, Mawu ƒe amea ɖe tso Yuda va Betel le Yehowa ƒe nya la nu.


Ewɔ nusi nye vɔ le Yehowa ŋku me, eye meɖe asi le Yerobeam, Nebat vi ƒe nuvɔ̃, siwo katã wòtsɔ ble Israel de nuvɔ̃ me la ŋu o.


Eyata, wò gbolo, se Yehowa ƒe nya!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite