Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Amos 7:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Eye Aƒetɔ Yehowa na mekpɔ ŋutega, kpɔ ɖa, ewo ʋetsuviwo, esime kelegbewo de asi miemie me; elabena kelegbewo miena, ne wova gbe na fia megbe.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

1 Esiae nye nu si Aƒetɔ Yehowa ɖe fiam le ŋutega me: Yehowa le ʋetsuviwo ƒe ha gã drinya aɖe dɔm ɖa be woava aɖu kelemenukuwo. Esia ava eme ne woxe nuku gbãtɔwo ƒe adzɔ na fia la vɔ megbe.

Gade chapit la Kopi




Amos 7:1
14 Referans Kwoze  

Nusi ŋɔwo kpɔtɔ ɖi la, ʋetsuviwo ɖui; nusi ʋetsuviwo kpɔtɔ ɖi la, ʋetrawo ɖui, eye nusi ʋetrawo kpɔtɔ ɖi la, abɔwo ɖui.


Eye Aƒetɔ Yehowa na mekpɔ ŋutega, kpo ɖa, kutsetse ɖiɖiwo yɔ kusia ɖe fũ.


Mena miaƒe bliwo dze heteku, eye wohlɔ̃: ʋetsuviwo ɖu miaƒe abɔwo kple weingblewo, gbotiwo kple amitiwo; ke miegbe tɔtrɔ ɖe ŋunye, Yehowa ye gblɔe!


Eye ma ɖo ƒe, siwo ʋetsuviwo kple ʋetrawo, abɔwo kple ŋɔwo ɖu nu la teƒe na mi, woawoe nye nye aʋakɔ gã, si medɔ ɖe mia ŋu.


Eye wòna mekpɔ ŋutega, kpɔ ɖa, Aƒetɔ la tsi tre ɖe gli, si dzɔ kã la dzi, eye wòlé tsumikpe ɖe asi.


Eye Aƒetɔ Yehowa na mekpɔ ŋutega, kpo ɖa, Aƒetɔ Yehowa yɔ dzo vɛ, be wòatsɔ ahe toe, eye wòfiã to gãwo helé agblewo.


Eye megblɔ Yehowa ƒe nya, siwo katã wòɖe fiãm la, na aboyomeawo.


Esi Babel-fia Nebukaɖnezar ɖe aboyo Yuda-fia Yexonya, Yoyakim vi, kple Yuda-amegãwo, atikpalawo kple gbeɖewo tso Yerusalem yi Babel megbe la. Yehowa na mekpɔ gbotsetse kusi eve, si wotsɔ da ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ nu.


Eye woaƒo miaƒe nuhahawo nu ƒu, abe alesi woƒoa ʋetsuviwo nu ƒu ene, eye woaƒu du ɖe wo ŋu, abe alesi abɔ fia kpoe ene.


Mablu ɖe ʋetsuviwo ta na mi, be womagagblẽ miaƒe anyigba dzi nukuwo o, eye weinka magbe tsetse na mi le agble me o; Yehowa Zebaot ye gblɔe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite