Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Amos 6:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Aƒetɔ Yehowa ta eƒe agbe be: Ale Yehowa, Mawu Zebaot, gblɔ esi: Yakob ƒe dàda le ŋu nyɔm nam, melé fu eƒe fiasãwo, eye matsɔ du la kple eme nuwo ade asi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

8 Aƒetɔ Yehowa ta eƒe agbe. Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu la gblɔ be, “Yakob ƒe dada ƒuƒlu la le ŋu nyɔm nam, eye melé fu eƒe mɔ sesẽwo. Matsɔ du gã sia kple emenu nyuiwo ade asi na eƒe futɔwo.”

Gade chapit la Kopi




Amos 6:8
28 Referans Kwoze  

Aƒetɔ Yehowa tà eƒe dzɔdzɔenyenye be: Kpo ɖa, ŋkeke li gbɔna na mi, woaɖe mi kple ƒu, eye woatsɔ ʋã atɔ mia viwo.


Yehowa Zebaot la eƒe agbe be: Ne metsɔ amewo yɔ wò taŋ abe ʋetsuviwo ene hã la, woatso ayiboopɛɛ ɖe ŋuwò!


Yehowa ta nu ɖe Yakob ƒe dada ŋu be: Nyematsɔ woƒe nuwɔnawo katã ake wo akpa gbeɖe o!


Etsɔ dukɔwo ɖe mía te kple sesẽ, eye wòɖe anyigbadzitɔwo míaƒe afɔ te.


Eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Futɔ ɖe to ɖe wò anyigba godoo, atu ŋusẽ le ŋuwò, eye woaha wò fiasãwo.


Yehowa be: Ke ne mieɖo to nya siawo o la, ekema metà ɖokuinye ƒe agbe: Ne aƒe sia mazu aƒedo o fĩ!


Tete Yehowa ƒe dɔmedzoe bi ɖe eƒe dukɔ la ŋu, eye wònyɔ ŋu eƒe ɖomeuyinu la.


Metsrɔ̃ lãkplɔvi etɔ̃ ɖa le dzinu ɖeka me; woƒe nu ti kɔ nam, eye nye nu ti kɔ na woawo hã.


Gblɔ na Israel ƒe aƒe la bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, magblẽ kɔ ɖo na nye kɔkɔeƒe la, miaƒe sitsoƒe, si nye miaƒe aɖegbeƒonu, nusi vivia miaƒe ŋkuwo nu kple nusi nye miaƒe luʋɔwo ƒe didi; miaƒe ŋutsuviwo kple miaƒe nyɔnuviwo, siwo miegblẽ ɖe megbe la, atsi yi nu.


Aƒetɔ la trɔ zu futɔ, etsrɔ̃ Israel, eye wòtsrɔ̃ eƒe fiasãwo katã, egblẽ eƒe mɔ̃ sesẽwo, eye wòli kɔ nuxaxa ɖe nuxaxa dzi na Yuda-nyɔnuvi.


Mawu see, dzi kui, egbe Israel keŋkeŋ,


Ɖe nye dɔe le wuyem la, ne nyematoe na wò o, elabena tɔnyee nye xexeame godoo kple eme nu gbogboawo.


Esi Yehowa kpɔ esia la, edo dɔmedzoe, eye wogbe viaŋutsuwo kple vianyɔnuwo


Magbã miaƒe vɔsamlekpuiwo, eye matutu miaƒe ɣelegbawo aƒu anyi, malɔ miaƒe ame kukuwo atrɔ ɖe miaƒe legba gbagbãwo dzi, eye miazu ŋunyɔnu nam.


Maɖo nye nɔƒe ɖe mia dome, eye nyemanyɔ ŋu mi o.


hegblɔ bena: Mefa ɖokuinye, elabena esi nèwɔ nu sia, eye mete wò tenuvi ɖeka lam o la,


Nye domenyinu zu nam abe dzata le ave me ene, ele gbe tem ɖe ŋunye, eyata melé fui.


Eyata mi Yuda blibo, si le Egipte-nyigba dzi, mise Yehowa ƒe gbe! Yehowa be: Metà nye ŋkɔ gã la: Ne Yuda-ŋutsua ɖe ƒe nu ayɔ nye ŋkɔ le Egipte-nyigba blibo la dzi agblɔ be, yetà Aƒetɔ Yehowa ƒe agbe fĩ!


Elabena ale Yehowa gblɔ esi: Metà ɖokuinye ƒe agbe: Ne Bozra mazu ŋɔdzinu, alɔmeɖenu, aƒedo kple ɖiŋudonu, eye eƒe duwo katã nazu gbegbe mavɔ o fi!


Yi ava woƒe duwo dzi, aŋe woƒe gametiwo, eye wòaɖu nu le woƒe tameɖoɖowo ta.


Yehowa be: Womenya nu dzɔdzɔe wɔwɔ o, eye woli kɔ nu madzɔmadzɔ wɔwɔ kple ŋutasesẽ ɖe woƒe fiasãwo me gleglegle.


Melé fu miaƒe ŋkekenyuiewo, eye metsri wo, eye nyemaʋẽ miaƒe takpegbewo ase o.


Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Nyɔnu, siwo dzia ha le fiasãwo me la, afa avi gbemagbe, ame kukuwo asɔ gbɔ, eye woazi ɖoɖoe atso wo, aƒu gbe ɖe teƒewo katã.


Yehowa-yɔvɔ̃ enye fuléle vɔ̃; melé tu dada, ɖokuidodoɖedzi, mɔ vɔ̃ɖi kple alakpanu.


Baba na Efrayim-hamulawo ƒe dàdafiakuku kple eƒe atsyɔ̃ ƒe seƒoƒo dzeani yɔyrɔ, si le weinmulawo ƒe bali wɔnu ta me!


eya amesi gblɔna be: Matu xɔ gãwo kple dziƒoxɔ kekewo, made fesrewo wo nu, maklã sederʋuƒowo ɖe wo me, eve masi aŋɔ dze na wo!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite