Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Amos 6:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Eyata mianɔ ŋgɔ na aboyomewo ayi aboyo me, eye amesiwo dra ɖe aba dzi la ƒe nukoko hahaha nu atso!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

7 eya ta miawoe anye ame gbãtɔ siwo woaɖe aboyoe, eye miaƒe agbe vivi ɖuɖu la nu atso.

Gade chapit la Kopi




Amos 6:7
17 Referans Kwoze  

Elabena ale Amos gblɔ esi: Yerobeam aku ɖe yi nu, eye woaɖe aboyo Israel atso eƒe anyigba dzi.


Ke migabia Betel ta se o, migava Gilgal o, eye migayi Beer-Seba o; elabena Gilgal ayi aboyo me, eye Betel atsrɔ̃.


Eye wòadze yi nu, eye woaɖe wo aboyo ayi ɖe dukɔwo katã dome, eye trɔ̃subɔlawo latu afɔ Yerusalem dzi, halase esime woawu trɔ̃subɔlawo ƒe ɣeyiɣi la nu.


Elabena ne woɖo wo nɔewo me nyamanyama abe aŋɔka ene, eye woƒo tsi abe woƒe nunonowo ene la, woabi keŋkeŋ abe gbe ƒuƒu ene.


Eyata ale Yehowa gblɔ esi: Srɔ̃wò awɔ gbolo le dua me, wò ŋutsuviwo kple wò nyonuviwo atsi yi nu, eye woatsɔ dzidzeka amã wò anyigbae, wò ŋutɔ àku ɖe anyigba makɔmakɔ dzi, eye woaɖe aboyo Israel atso eƒe anyigba dzi.


eye mana woaɖe aboyo mi agbɔ Damasko ŋu ʋĩ ayii, Yehowa, amesi ŋkɔ nye Mawu Zebaot lae gblɔe!


Nye dzi le ya mum sagãsagã, dzidziƒoame ble fu lã me nam, wona fiẽ, si ŋu mele ŋu ɖom ɖo la, zu ŋɔdzi nam.


Ne fia la ve nunye, eye ne edze fia la ŋu be, wòana nye nubiabiam, eye wòawɔ nye didi dzi la, ekema, ne fia kple Haman wova kplɔ̃, si magaɖo na wo ŋu la, mawɔ fia ƒe nya la dzi etsɔ.


Adzi ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo, ke womanye tɔwò o, elabena woaɖe aboyo wo.


Zã ma me ke wowu Kaldeatɔwo ƒe fia Belsazar.


Asíʋuiwo ƒe vivisese nu tso, dzidzɔkpɔlawo ƒe howɔwɔ se ɖo, eye kasaŋkuwo ƒe vivisese nu tso.


Miato gli ƒe gbagbãƒe, amesiame akpɔ eŋgɔ te, eye miatsɔ miaƒe legbawo axlã ɖe anyi; Yehowa ye gblɔe!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite