Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Amos 6:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Mi amesiwo ɖi be, dzɔgbevɔ̃egbe la nate ɖa, eye miele ŋutasesẽ ƒe fiazikpui hem vɛ;

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 Mieɖe susu ɖa le ŋkeke vɔ̃ la ŋuti, gake miaƒe nu tovowo wɔwɔ wɔe be Ʋɔnudrɔ̃gbe la le mia lalam.

Gade chapit la Kopi




Amos 6:3
19 Referans Kwoze  

Nye dukɔ ƒe nuvɔ̃wɔlawo katã aku ɖe yi nu, wo amesiwo le gbɔgblɔm bena: Dzɔgbevɔ̃e la matu mí o, eye maɖi kpe mí o.


Miva, ne maɖaku wein ve, eye míano aha muame; etso hã nanɔ abe egbe ene, eye eteƒe makɔ o.


Amevi, kpɔ ɖa, Israel ƒe aƒe la le gbɔgblɔm be: Ŋkeke nanewo ŋue wòle ŋutega kpɔm ɖo, eye gbaɖegbe ŋue wòle nya gblɔm ɖi ɖo.


eye woagblɔ bena: Afika eƒe vava la ƒe ŋugbedodo la le? Elabena tso esime fofoawo dɔ alɔ̃ la, nuwo katã nɔ anyi nenema tso nuwɔwɔ ƒe gɔmedzedze la me.


Elabena ne wole gbɔgblɔm be, ŋutifafa kple anyinɔnɔ dedie li la, tete gbegblẽ ava lili wo, abe alesi fuɖuame va lilia funɔ ene, eye womate ŋu asi le enu kulẽ o.


Ke ne dɔla vɔ̃ɖi la agblɔ le eƒe dzi me bena: Nye aƒetɔ la tsi anyi,


Yehowa be: Womenya nu dzɔdzɔe wɔwɔ o, eye woli kɔ nu madzɔmadzɔ wɔwɔ kple ŋutasesẽ ɖe woƒe fiasãwo me gleglegle.


Amevi, nya ka ƒomevi enye ekem gblɔm miele le Israel-nyigba dzi be, ɣeyiɣiawo gbɔ metsɔ o, eye ŋutegawo katã nu tso?


Eye ʋumefia sia ʋumefia kple ʋuɖola sia ʋuɖola kple kahela sia kahela kpakple ƒu dzi dɔwɔlawo katã wole tsitre le adzɔge ke.


Ɖe sɔwo ate ŋu aƒu du le agakpe dzia, eye ɖe woatsɔ nyiwo aŋlɔ agble ɖe atsiaƒu dzia? Elabena miawo mietrɔ nya dzɔdzɔe wòzu aɖi, kple dzɔdzɔenyenye ƒe kutsetse wòzu atsa


Baba na amesiwo dzrom Yehowa ƒe ŋkeke la le! Viɖe ka Yehowa ƒe ŋkeke la nye na mi? Viviti wònye, menye kekeli o.


Elabena menyae be, miaƒe dzidadawo sɔ gbɔ, eye miaƒe nuvowo teƒe mekɔ o, mielé ame dzodzɔewo ɖe ke me, miexɔ zãnu, eye miete ame dahewo ɖe anyi le ʋɔnu!


Egblɔ be, yeanye aƒenɔ daa tegbee; esia mede dzigbɔ na wò o, eye meɖo ŋu alesi woava nɔ emegbe o.


Esi afia menye tsona le nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ŋu kaba o ŋuti la, eyata dzi doa amegbetɔviwo ƒo ŋutɔ de nu vɔɖi wɔwɔ ŋu.


Ɖe gbegblẽ ƒe zikpui, si tsoa hiãkame ɖoa anyi ɖe sea teƒe la, ade ha kpliwòa?


Amesiwo du nu vivivo tsã la, nu te wo ŋu le kpɔdomeewo, amesiwo ta aɖabɛ tsã la, le gbeɖuɖɔ me.


Wole ɣli dom hoo le afima, eye woyɔ Salbatɔwo tso gbe dzi kpe ɖe ame gbogboawo ŋu, amesiwo tso alɔnuga de alɔnu na wo, eye woɖo fiakuku nyui ɖe la na wo.


Elabena woƒe kesinɔtɔwo yɔ fũ kple ŋulasesẽ, duametɔwo ka aʋatso, eye alakpaɖe le nu me na wo.


Miɖo kpo ɖe fiasãwo ta le Asdod kple ɖe fiasãwo ta le Egipte-nyigba dzi gblɔ bena: Miƒo takpli ɖe Samaria-towo dzi, eye mikpɔ ʋunyaʋunyawɔwɔ geɖe kple ame teteɖeanyi, si le eme la ɖa.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite