Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Amos 5:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Eya amesi wo atifieŋu kpakple avũ kple avũtɔ, eye wotsɔ blukɔ wɔ ŋdii, ena ŋkeke do viviti abe zã ene, eye wòyɔ atsiaƒu me tsiwo vɛ hetrɔ wo ƒo ɖe anyigba dzi la ŋkɔ enye Yehowa;

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

8 Midi ame si wɔ ɣletiviwo ƒe ha siwo woyɔna be atifieŋui, avu kple avutɔ, ame si trɔa viviti tsiɖitsiɖi wòzua kekeli, eye wòtrɔa ŋkeke wòzua zã. Eyae yɔa tsi tso atsiaƒu me be wòaho ayi dzi ahadza ɖe anyigba dzi. Aƒetɔ Yehowae nye eƒe ŋkɔ.

Gade chapit la Kopi




Amos 5:8
23 Referans Kwoze  

Elabena eya amesi mè towo, eye wòwɔ ya, etoa amegbetɔ ƒe tamesusuwo nɛ, enana agudzedze zua viviti, eye wòzɔa anyigba ƒe kɔkɔƒewo la ŋkɔ enye Yehowa, Mawu Zebaot!


Ewɔ koklovinɔ, avũ kple avũtɔ kple atifieŋu kpakple dzieheɣletiviwo.


eya amesi tu eƒe dziƒoxɔ ɖe dzi me, eye wòɖo eƒe xɔ goba gɔme anyi ɖe anyigba dzi, eya amesi yɔ atsiaƒu me tsiwo hetsɔ ƒo ɖe anyigba dzi la ŋkɔ enye Yehowa!


Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Le ŋkeke ma me la mana ɣe naɖo to le ŋdɔkutsu dzatsɛ, eye viviti nado ɖe anyigba dzi le ŋkeke me.


Eɖoa viviti anyi, eye zã dona, eya me ave me lãwo katã ʋãa wo ɖokui lena.


Eɖo viviti ɖa, eye blukɔ do, ke womebu eƒe nyawo o.


Ekloa nu le nusi ɣia nigbinigbi la dzi tso viviti me, eye wòhea blukɔ vaa kekeli nui.


be wòaklẽ na amesiwo bɔbɔ nɔ viviti kple ku ƒe vɔvɔli me, be wòaɖo míaƒe afɔwo ŋutifafa ƒe mɔ dzi.


dukɔ, si ke nɔ viviti me la, kpɔ kekeli gãa ɖe, eye amesiwo na ku ƒe anyigba dzi kple eƒe vɔvɔli me la, kekeli dze na wo.“


Miele asi tsam le gli ŋu abe ŋkuagbãtɔwo ene, eye míele asi tsam abe ŋkunɔwo ene. Míekli nu le ŋdɔkutsu dzatsɛ abe le zã me ene, eye miele ame damiwo dome abe ame kukuwo ene!


Mana ŋkuagbãtɔwo nazɔ mɔ, si Womenya o la dzi, eye makplɔ wo ato toƒe manyamanyae, mana viviti nazu kekeli le wo ŋgɔ, eye kpoƒeewo nazu zɔzrɔ̃e. Nusiawo wo ge mala, eye nyemadzudzɔe o.


A le ŋu aɖe gbe na alilikpo be, tsi geɖe nanyẽ atsyɔ dziwòa?


Enana wòvana, ne wòatsɔe ahe to na anyigba dzi nɔlawo loo, alo ne wòawɔ dɔmenyo na woe.


Eyata mana wòadze si nye alɔ kple nye ŋusẽ, mana wòadze sii, eye woanyae be, ŋkɔnyee nye Yehowa.


Ale Yehowa, amesi wɔa nu, Yehowa, amesi ɖoa tame, eye wòwɔnɛ ɖea goe, eya amesi ŋkɔ nye Yehowa la, gblɔ esi:


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite