Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Amos 5:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Midi Yehowa, be mianɔ agbe, ne magadze Yosef ƒe aƒe la dzi, abe dzo ene ahafiãe, eye dzotsilaa ɖeke manɔ anyi na Betel o;

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

6 Midi Yehowa ne mianɔ agbe, ne menye nenema o la; miabi abe dzo ene ato Yosef ƒe aƒe dzi, afia Betel, eye ame aɖeke mate ŋu atsii o.

Gade chapit la Kopi




Amos 5:6
28 Referans Kwoze  

Midi Yehowa, ŋkeke alesi wòle gaglãgbe, miyɔe, esime wotsɔ kpui ƒe.


Midi nyui, eye menye vɔ̃ o, ne mianɔ agbe, eye Yehowa, Mawu Zebaot, nanɔ anyi kpli mi, abe alesi miele gbɔgblɔm ene.


Elabena ale Yehowa gblɔ na Israel ƒe aƒe la enye si: Midim, ne mianɔ agbe!


Gblɔ na wo bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Metà ɖokuinye ƒe agbe be: Ame vɔ̃ɖi ƒe ku mevivia nunye o, negbe be, ame vɔ̃ɖi naɖe asi le eƒe zɔzɔme ŋu, ne wòanɔ agbe boŋ ye. Israel ƒe aƒe, miɖe asi le miaƒe zɔzɔme vɔ̃ɖiwo ŋu, miɖe asi le wo ŋu, nukaŋuti miehe, yewoaku ɖo?


Made agbe Yuda ƒe ale la ŋu, made Yosef ƒe aƒe, eye mana woatrɔ agbɔ; elabena mave wo nu, eye woanɔ abe ɖe nyemenyã wo de gbe o ene; elabena nye Yehowa enye woƒe Mawu, eye mase woƒe gbe.


mi amesiwo noa wein le vɔsatrewo me, eye miesa ami veviwo, eye Yosef ƒe abixɔxɔ metsɔa fu lã me na mi o!


ekema gblɔ na wo bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, matsɔ Yosef ƒe ati, si le Efrayim si, kple Israel-to, siwo wo ɖeka kplii la, atsiã ɖe Yuda ƒe ati nu, eye matsɔ wo awɔ ɖekae, ne woanye ati ɖeka anɔ asinye me.


Eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi. Kpɔ ɖa, nye dɔmedzoe kple nye dziku atrɔ akɔ ɖe teƒe sia, amegbetɔwo kple lãwo, gbemetiwo kple anyigba dzi kutsetsewo dzi, eye woabi, womatsii o.


Mi Yuda-ŋutsuwo kple Yerusalem-tɔwo, mina woatso aʋa na mi na Yehowa, eye miɖe miaƒe dzi ƒe boloyiwo ɖa, ne nye dziku magalé dzo ge abe dzo ene, ahabi le miaƒe nuwɔwɔ vɔ̃ɖiawo ta, eye amea ɖeke mate ŋu atsii o.


Ame sesẽ la azu ɖetifu, eye eƒe dɔwɔwɔ azu dzoxi; wo kple eve la siaa woabi, eye amea ɖeke mate ŋu atsi wo o.


Ke ŋutsu Yerobeam enye aʋawɔla kalẽtɔ, eye esi Salomo kpɔ be ɖekakpui la nye dɔwɔla vevi la, etsɔe ɖo Yosef ƒe aƒe la ƒe dɔwɔwɔ blibo la nu.


Eye wògblɔ na fia la bena: Nye aƒetɔ megabu vodada nam o, eye megado ŋku vo, si eƒe dɔla dã le gbesigbe nye aƒetɔ fia la tso Yerusalem la o, eye fia la megabui o!


eye woamãe ɖe akpa adre me; Yuda nenɔ eƒe anyigba dzi le dziehe, eye Yosef ƒe aƒe nenɔ etɔ dzi le anyiehe.


Elabena Yehowa, wò Mawu la, dzo binu kple Mawu ʋãŋu wònye.


Ne amea ɖe dzra ga alo nuwo ɖo de nɔvia gbɔ, eye wofii le amea ƒe me, ne wokpɔ fiafitɔa la, ekema wòaɖo eteƒe zi eve.


Nye dzi tsa wò nya gaɖo ŋkuwò me be: „Midi ŋkunye me!“ Yehowa, ŋkuwò me madi.


Miƒu to anyi, eye miva gbɔnye! Mise nu, ekema miaƒe luʋɔ anɔ agbe! Mabia nu mavɔ kpli mi, mana Dawid ƒe amenuveve, si li ke la mi.


Gbesigbe mahe to na Israel ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ la, mahe to na Betel ƒe vɔsamlekpuiwo hã, eye woaŋe vɔsamlekpui la ƒe dzowo woage adze anyi.


Midi Yehowa, mi amesiwo katã bɔbɔ mia ɖokul ɖe anyi le anyigba dzi, midi dzɔdzɔenyenye, eye midi ɖokuibɔbɔ yome mɔ, amea ɖe menye nu o woatsɔ mi aɣia le Yehowa ƒe dzikudogbe la hĩ!


Elabena nye ŋɔti me lé dzo, eye wòle bibi ge aɖe tsiẽƒe ke, afiã anyigba kple nusiwo wɔna le edzi, eye wòafiã towo ƒe gɔmegɔmea.


elabena wogblẽm ɖi, eye wodo dzudzɔ na mawu tutɔwo, ne woatsɔ woƒe asinudɔwɔwɔwo katã ado dziku nam; eyata nye dɔmedzoe va nɔƒe sia dzi, eye enu matso o.


Hiãtɔwo akpɔe, eye woɔkpɔ dzidzɔ. Mi amesiwo le Mawu dim la, miaƒe dzi negbɔ agbe!


Yeremya ɖo ŋu bena: Womelé tsɔ wò ge ade asi o. Ɖo to Yehowa ƒe gbe ko, abe alesi megblɔ na wò ene, ne eme nanyo na wò, eye natsi agbe.


Eye nagblɔ na dzieheve la bena: Se Yehowa ƒe gbe, ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Mado dzo ɖe mewo, ne wòafiã ati mumuwo katã kple ati ƒuƒuwo katã; womatsi dzo ƒe aɖeawo o, eye ŋkuwo katã me atɔ aka tso dziehe vaseɖe anyiehe;


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite