Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Amos 5:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Elabena ale Yehowa gblɔ na Israel ƒe aƒe la enye si: Midim, ne mianɔ agbe!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

4 Yehowa gblɔ na Israel ƒe aƒe la be, “Midim, ne mianɔ agbe.

Gade chapit la Kopi




Amos 5:4
27 Referans Kwoze  

eye wòyi ɖakpe Asa gblɔ nɛ bena: Asa kple Yuda blibo la kpakple Benyamin, miɖo tom! Yehowa nɔ kpli mi, elabena miena eŋu. Ne mieɖii la, ana be, míakpɔe; ke ne miegblẽe ɖi la, eya hã agblẽ mi ɖi.


Midi Yehowa, mi amesiwo katã bɔbɔ mia ɖokul ɖe anyi le anyigba dzi, midi dzɔdzɔenyenye, eye midi ɖokuibɔbɔ yome mɔ, amea ɖe menye nu o woatsɔ mi aɣia le Yehowa ƒe dzikudogbe la hĩ!


Yehowa ɖe ŋku ɖe amegbetɔviwo tso dziƒo, ne yeakpɔ be, amea ɖe dze nunya, eye wòblaa Mawu ta sena hã?


Miƒu to anyi, eye miva gbɔnye! Mise nu, ekema miaƒe luʋɔ anɔ agbe! Mabia nu mavɔ kpli mi, mana Dawid ƒe amenuveve, si li ke la mi.


elabena amesiame, si biaa nu la, exɔa nu, eye amesi dia nu la, ekpɔa nu, eye amesi ƒoa ʋɔ la, woʋunɛ nɛ.


Eye wò, vinye Salomo, dze si fofowò ƒe Mawu la, eye nasubɔe kple dzi blibo kpakple luʋɔ blibo, elabena Yehowa dzroa dziwo katã me kpɔna, eye wonya tamesusuwo katã! Ne èdii la, ana be, nakpɔe; ke ne ègblẽe ɖi la, atsɔ wò aƒu gbe tegbee.


Tete Yosafat vɔ̃, eye wotsɔ eƒe ŋku ɖo Yehowa didi ŋu, eye wòna woɖe gbe ƒã le Yuda blibo la, be woatsi nu aɖɔ.


Midi Yehowa, be mianɔ agbe, ne magadze Yosef ƒe aƒe la dzi, abe dzo ene ahafiãe, eye dzotsilaa ɖeke manɔ anyi na Betel o;


Eya adze Yehowa ŋu wu nyitsu, si dzo le eta, eye eƒe afɔkli me fe.


Nye dzi tsa wò nya gaɖo ŋkuwò me be: „Midi ŋkunye me!“ Yehowa, ŋkuwò me madi.


Gbɔwòe nye kafukafuha tso le ameha gãwo dome. Maxe nye adzɔgbeɖefe le amesiwo vɔ̃nɛ la ŋku me.


Le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe enyilia me, esime wònye ɖekakpui ko la, ede asi fofoa Dawid ƒe Mawu la didi me, eye le ƒe wuievelia me la ede asi nuxeƒewo, Aserawo, aklama kpakpɛwo kple legba kɔkɔwo ɖeɖe me ɖa le Yuda kple Yerusalem.


Ne miedi Yehowa, mia Mawu, le afima la, míakpɔe, nenye be, miedi eyome mɔ tso dzi blibo kple luʋɔ blibo me ko.


egblɔ na wo bena: Mina nya siawo katã, siwo meku ɖe to me na mi egbea la, naɖe dzigbɔ na mi, eye midee asi na mia viwo, ne wòalé se sia ƒe nyawo katã me ɖe asi, eye woawɔ wo dzi.


Elabena menye nya gbɔlo wonye na mi o, ke boŋ miaƒe agbee; eye nya sia ana mianɔ agbe didie le anyigba, si dzi mietsɔ Yordan le yiyim, be míaxɔe wòanye mia tɔ la dzi.


Baba na amesiwo yi Egipte, be woaxɔ na yewo, woɖo dzi ɖe sɔwo ŋu, eye woɖo ŋu ɖe tasiaɖam sɔgbɔwo kple sɔdola geɖewo ŋu; ke womelé ŋku ɖe Israel ƒe kɔkɔetɔ la ŋu o, eye wo mebia Yehowa ta se o!


ezɔna ɖe nye ɖoɖowo nu, eye wòléa nye sewo me ɖe asi hewɔa nuteƒe la, eya nye ame dzɔdzɔe, anɔ agbe kokoko, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe.


Oo Yehowa, ɖo ŋu, alesi mezɔ le ŋkuwò me le nyateƒe kple dzi blibo me, kple alesi mewo nusi nyo le ŋkuwò me la. Eye Xizkiya fa avi kple ɣli.


Eye Yuda va kpe ta, be woaƒo koko na Yehowa; Yuda-duwo katã me wotso, be woadi Yehowa.


Hiãtɔwo akpɔe, eye woɔkpɔ dzidzɔ. Mi amesiwo le Mawu dim la, miaƒe dzi negbɔ agbe!


Yeremya ɖo ŋu bena: Womelé tsɔ wò ge ade asi o. Ɖo to Yehowa ƒe gbe ko, abe alesi megblɔ na wò ene, ne eme nanyo na wò, eye natsi agbe.


Miƒã dzɔdzɔenyenye, eye mixa nu kple lɔlɔ̃; mide agble yeye, elabena azã ɖo be, míadi Yehowa, vaseɖe esime wòava, eye wòana dzɔdzɔenyenye nadza ɖe mía dzi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite