Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Amos 5:24 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

24 Nya dzɔdzɔe nesi abe tsi ene, eye dzɔdzɔenyenye abe tɔʋu, si memiena o la ene boŋ!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

24 Nya dzɔdzɔe nesi abe tsi ene, eye dzɔdzɔenyenye abe tɔʋu si memiena o ene!

Gade chapit la Kopi




Amos 5:24
11 Referans Kwoze  

Amegbetɔ, egblɔ nusi nyo la na wò; nusi ko dim Yehowa le tso asiwò la, enye be, nawɔ nusi le eteƒe, nalɔ̃ dɔmenyowɔwɔ, eye uabɔbɔ ɖokuiwò ɖe anyi ahazɔ le wò Mawu ŋku me.


Ale Yehowa gblɔ esi: Midrɔ̃ ʋɔnu ɖe eteƒe, eye miwɔ nu dzɔdzɔe, mixɔ amesi woda adzoe la, tso ŋutasẽla si me; migate amedzrowo, tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo ɖe anyi o, migawɔ funyafunyawo o, eye migakɔ ʋu maɖifɔ ɖe teƒe sia o.


Elabena lɔlɔ ƒe nu dze ŋunyie vu akpeɖavɔsa, eye sidzedze Mawu dze ŋunye wu numevɔsa.


Nusi dzɔ, eye wòle eteƒe la, wɔwɔ nyo Yehowa ŋu wu vɔsa.


mi amesiwo trɔ nya dzɔdzɔe wòzu atsa, eye miete dzoe dzɔenyenye ɖe to!


Ɖe wònye ɖe neɖo to nye seawo la, anye ne wò ŋutifafa ana abe tɔsisi ene, eye wò dzɔdzɔenyenye anɔ abe ƒutsotsoewo ene;


Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Israel-amegãwo, esɔ gbɔ na mi azɔ! Miɖe asi te ameteteɖeanyi kple ŋutasesẽ ŋu; miwɔ nu dzɔdzɔe kple nusi le eteƒe, eye midzudzɔ adzodada nye dukɔ; Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe!


Te wò hawo ƒe ɖiɖi ɖe megbe tso gbɔnye, wò saŋkuƒoƒowo le to me vem nam!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite