Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Amos 5:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Israel-ɖetugbi dze anyi, megale fɔfɔ ge o; eɖo baba ɖe eƒe anyigba dzi, amea ɖeke mele efɔ ge ɖe tsitrenu o!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 “Ɖetugbi Israel dze anyi, eye magafɔ akpɔ o. Wogbe nu le egbɔ le eya ŋutɔ ƒe anyigba dzi, eye ame aɖeke meli alé eƒe alɔnu afɔe ɖe tsitre o,

Gade chapit la Kopi




Amos 5:2
27 Referans Kwoze  

Eye wò la gblɔ nya sia na wo bena: Nye ŋku le aɖatsi fam zã kple keli, eye madzudzɔ o, elabena wogbã nye dukɔ ƒe nyɔnuvi, ɖetugbi, wote eŋu, eye wòxɔ abi vevie!


Le ɣemaɣi la mafɔ Dawid ƒe agbadɔ gbagbã la de tsitrenu, eye matre eƒe gbagbãƒewo, mafɔ eƒe glikpowo ɖe tsitrenu, eye matui abe tsã ene;


wo amesiwo tà Samaria ƒe dzidada, eye wogblɔna bena: „Dan, míetà wò mawu ƒe agbe, eye míetà Beer-Seba-ma!“ Woadze anyi, eye womagafɔ o.


Esi Samaria sẽ to ɖe eƒe Mawu ŋu la, eyata akpɔe ɖe enu; woatsi yi nu, woaxlã woƒe vidzĩewo ɖe nu, eye woadze ƒo le woƒe funɔwo nu.


Agbɔ agbe mí le ŋkeke eve megbe, eye le ŋkeke etɔ̃agbe la afɔ mí ɖe tsitrenu, ne míanɔ agbe le eŋku me.


Yerusalem-nyɔnuvi, ameka matsɔ asa kpli wò, ne wòaɖi wò? Zion-ɖetugbi ameka matsɔ aɖo ŋuwò, ne mafa akɔ na wò? Elabena wò abi lolo abe atsiaƒu ene, amekae ada gbe le ŋuwò ma?


agblɔ bena: Ale dzɔgbevɔ̃e, si mahe va wo dzi la, anyrɔ Babel ɖe toe, magaɖo ɖe dzi akpɔ o, eye enu ayi. Yeremya ƒe nyawo seƒe enye si.


Ame tovo la akli nu adze anyi, eye amea ɖeke mafɔe ɖe tsitrenu o, matɔ dzo eƒe duwo, ne wòabi eƒe nutowo katã me.


Ɖetugbi Israel, magatso wò, eye natsi tsotso; àgakpla wò asiʋuiwo, eye aɖo dzidzɔkpɔlawo ƒe to me;


Mibia se le dukɔwo dome be, ameka se esia tɔgbe kpo hã? Nu gbegblẽ ŋutɔŋutɔ Israel-ɖetugbi wɔ.


Gligbagbã tsia ɖe wo nɔewo nu, elabena wogblẽ anyigba blibo la; woagblẽ nye xɔwo enumake kple nye agbadɔwo le aɖabaƒoƒo ɖeka me.


amesiwo le gbɔgblɔm na ati be: Wòe nye mía fofo, eye na kpe be: Wòe dzi mí. Elabena wòtrɔ ʋume dem, eye menye ŋku me o; ke wole gbɔgblɔm le woƒe hiãɣi be: Tso naɖe mí!


eya, amesi na tasiaɖamwo, sɔwo, aʋakɔwo kple kalẽtɔwo siaa ho; woɖo baba ɖe anyigba, eye womegafɔ o, wo nu tsi, abe alesi akaɖi me ɖovu tsina ene:


Ale Yehowa gblɔ ɖe eŋu enye si: Ɖetugbi, Zion-nyɔnuvi, ɖe alɔme le ŋuwò, eye wòko wò, Yerusalem-nyɔnuvi ʋuʋu ta de yowòme.


anyigba le ya mum abe ahamula ene, eye wòle nyenyem ʋakaʋaka abe ahamaka ene, elabena eƒe dzidadawo do agba ɖe edzi; adze anyi, eye magafɔ o.


Midzra wuƒe ɖo hena viawo le wo fofowo ƒe vodada ta. Womegatso, ne woaxɔ anyigba la, eye woatsɔ anyiglãgowo ayɔ xexeame o.


Elabena Yerusalem amũ, eye Yuda adze anyi, le esi woƒe aɖewo kple woƒe nuwɔwɔwo tso ɖe Yehowa ŋu, ne woaɖo dziku na eƒe kɔkɔenyenye ƒe ŋkuwo ta.


Woɖe asi le Yehowa, woƒe Mawu ƒe sewo katã ŋu, eye wokɔ legbawo, siwo nye nyivi eve, wowɔ Aserawo, eye wode ta agu na dziƒonuwo katã, eye wosubɔ Baal.


Le Israel-fia Pekax ŋɔli la Asur-fia Tiglat-Pileser va, eye wòxɔ Yion, Abel-Bet-Maaxa, Yanoax, Kedes, Xazor, Gilead kple Galilea, si nye Naftali-nyigba blibo la, eye wòkplɔ wo yi Asur.


Eyata ale nagblɔ na wo enye si: Ale Yehowa gblɔ esi: Ɖe wòto anyi womegafɔna oa, alo ɖe wotrɔa megbe womegatrɔa kɔ oa?


Maɖafa avi le towo dzi, maxa nu, eye mato konyifaha le gbegbe ƒe lãnyiƒe, elabena wogblẽ ale be amegbetɔa ɖeke megato wo dzi yi o, eye womegase lãhawo ƒe xɔxlɔ̃ o; dziƒoxewo kple lãwo ʋu dzo.


Ƒo nu: Yehowa ƒe gbe enye si: Amegbetɔwo ƒe kukuwo ana anyi abe gbeɖuɖɔ le agble me ene, eye abe lubabla le nuŋelawo megbe, siwo amea ɖeke meli aƒo wo nu ƒu o la ene.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite