Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Amos 5:18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Baba na amesiwo dzrom Yehowa ƒe ŋkeke la le! Viɖe ka Yehowa ƒe ŋkeke la nye na mi? Viviti wònye, menye kekeli o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

18 Baba na mi, ame siwo tsi dzi ɖe Yehowa ƒe ŋkeke la ƒe vava ŋuti. Nu ka ta mietsi dzi ɖe Yehowa ƒe ŋkeke la ƒe vava ŋuti ɖo? Ŋkeke ma anye viviti, manye kekeli o.

Gade chapit la Kopi




Amos 5:18
26 Referans Kwoze  

Aleke, ŋkeke la! Elabena Yehowa ƒe ŋkeke la tu aƒe, eye gbegblẽ wònye tso ŋusẽkatãtɔ la gbɔ gbɔna.


Alele, ŋkeke ma enye ŋkeke gã, eye eteƒe mekɔ o; xaxaɣi li na Yakob, ke woaɖee le eme.


Wole tsyo dam nu le ɖusi me, ke dɔwuame nu mefa o, wole nu ɖum le mia me, ke womeɖi ƒo o, amesiame ɖu eya ŋutɔ ƒe abɔ ƒe lã;


Eye wòaɖe gbe ɖe eɖzi gbemagbe abe atsiaƒu ƒe gbeɖeɖe ene, eye ne woɖe ŋku ɖe anyigba dzi la, hiã ƒe blukɔ koe li, eye woƒe alilikpo na kekeli do viviti.


Amesiwo noa gbɔgblɔm bena: Newɔ kabakaba, neƒo du ɖe eƒe dɔ nu, ne míakpɔe; eye Israel ƒe kɔkɔetɔ la ƒe adaŋudede nete va, ne miadze sii.


Anyigba dzo kpekpekpe le enu, eye dziƒo ʋuʋu; ɣe kple ɣleti do viviti, eye ɣletiviwo ƒe keklẽ nu tsi.


eye woagblɔ bena: Afika eƒe vava la ƒe ŋugbedodo la le? Elabena tso esime fofoawo dɔ alɔ̃ la, nuwo katã nɔ anyi nenema tso nuwɔwɔ ƒe gɔmedzedze la me.


Amevi, kpɔ ɖa, Israel ƒe aƒe la le gbɔgblɔm be: Ŋkeke nanewo ŋue wòle ŋutega kpɔm ɖo, eye gbaɖegbe ŋue wòle nya gblɔm ɖi ɖo.


Amevi, nya ka ƒomevi enye ekem gblɔm miele le Israel-nyigba dzi be, ɣeyiɣiawo gbɔ metsɔ o, eye ŋutegawo katã nu tso?


Ke Aƒetɔ la ƒe ŋkeke le vava ge abe fiafitɔ ene, le esime dziƒowo ava yi kple gbeɖeɖe; ke gɔmedzenuwo labi, eye woalólo le dzo me, eye anyigba kple eme dɔwɔwɔwo lafiã keŋ.


Kpɔ ɖa, ame kemeawo le gbɔgblɔm nam be: Afika Yehowa ƒe nya tsi? Neva dzro!


Dɔ awu wo aɖi tsi de wo ŋu, eye asrã kple dɔvɔ̃ atsrɔ̃ wo; madɔ lãwo ƒe aɖu kple nutata, siwo tana le ké me la, ƒe aɖi ɖe wo ŋu.


alo wode ko to la, kpo ɖa, xaxa kple viviti li; xaxa ƒe tsizi kple blukɔ me woatutu wo ade.


Mifa avi, elabena Yehowa ƒe ŋkeke la tu aƒe, egbɔna abe ŋusẽkatãtɔ ƒe nugbegblẽ ene.


Miɖe bubu Yehowa, mia Mawu la ŋu, hafi ne blukɔ nava do, hafi miaƒe afɔ nava kli blukɔ ƒe towo, eye mianɔ mo kpɔm na kekeli, gake wòana woazu tsizi, eye wòana viviti nado.


Yehowa le gbe ɖem le eƒe aʋakɔ ŋgɔ, eƒe aʋakɔ lolo ŋutɔ, eye ame sesẽe nye eƒe gbe dzi wɔla; elabena Yehowa ƒe ŋkeke la tri akɔ, eye ŋɔdzi le eŋu ŋutɔ, amekae ate ŋu anɔ te ɖe enu?


Elabena Yehowa ƒe ŋkeke la tu aƒe na dukɔwo katã; alesi nèwɔ la, nenema woawo wò, eye wò nuwɔwɔwo ava wò ta dzi.


Eye amesi ase ŋɔdzi ŋkɔ asi la, age adze ʋe me, eye amesi ado le ʋe me la, mɔ̃ka aɖee. Elabena woʋu dzimefesrewo, eye anyigba ƒe agunu le dzodzom kpekpekpe.


Wole diyem gbeawotsyogbe, eye wole didim be, yewoanya nye mɔwo; wole ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe dim tso gbɔnye abe dukɔ, si wɔa nu dzɔdzɔe, eye megblẽa eƒe Mawu ƒe ɖoɖowo ɖi o la ene; wole didim be, Mawu natsɔ ɖe yewo gbɔ!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite