Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Amos 5:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Eyata ale Yehowa, Mawu Zebaot, Aƒetɔ la, gblɔ esi: Konyifafa anɔ ablɔwo katã me, eye woana alele dom le kpɔdomeewo katã, woayɔ agbledela ɖe nuxaxa ŋu, eye kuteƒehadzilawo ɖe konyifafa ŋu;

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

16 Ale Yehowa, Mawu Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: “Avifafa anɔ kpɔdomewo, eye asiƒonu anɔ mɔ dodowo dzi. Míyɔ agbledelawo hã be woafa avi kpli mi; miyɔ konyifalawo hã vɛ be woafa avi kpli mi.

Gade chapit la Kopi




Amos 5:16
23 Referans Kwoze  

Ŋukpe lé agbledelawo, eye weingbledelawo le nu xam le lu kple ƒo ta, elabena nuŋeŋe nu tso le agble me.


Mawɔ Yerusalem woazu anyiglãgo kple amegãxiwo nɔƒe, eye mana Yuda-duwo nazu gbegbe kple aƒedo.


Eye wolɔ kewɔ kɔ ɖe la me, eye wodo ɣli le avi fam hele konyi fam le gbɔgblɔm bena: Baba na wò, baba na wo du gã, si me amesiwo katã si ʋu le le ƒu dzɔ la, tro zu kesinɔtɔwo le eƒe kesinɔnyenye ŋuti! Elabena wotsrɔ̃e le gaƒoƒo ɖeka me.


Eye woanɔ tsitre le adzɔge ke le eƒe fukpekpe ƒe ŋɔdzi la ŋuti agblɔ bena: Baba na wò, baba na wò, Babilon, wò, si nye du gã kple du sesẽ! Elabena gaƒoƒo ɖeka dzi wò ʋɔnudɔdrɔ̃ la va.


Ɣemaɣi la woado lo ɖe mia ŋu, eye woadzi konyifaha agblɔ bena: Wogblẽ ml keŋkeŋ, wodzidze nye ɖukɔ ƒe anyigba, eye wome-gagbughɔe na ml o; womã míaƒe agblewo na amesiwo ɖe aboyo ml.


Eyata mafa konyi, mafa avi, eye maɖe ƒeƒle anɔ yiyim; mafa konyi abe amegãxiwo ene, eye maxa nu abe golowo ene.


Matrɔ miaƒe ŋkekenyuiewo woazu nuxaxa kple miaƒe hawokatã woazu konyifaha, made akpanya aliwo katã, eye tawo katã nazu ta kokoe, mana wòanɔ, abe alesi wofaa konyi na tenuvi ene, eye eƒe nuwuwu anɔ abe ŋkeke vɔ̃e ene.


eye mana woaɖe aboyo mi agbɔ Damasko ŋu ʋĩ ayii, Yehowa, amesi ŋkɔ nye Mawu Zebaot lae gblɔe!


Aƒetɔ Yehowa, Mawu Zebaot, be: Misee, eye mitsɔe ɖi ɖase na Israel ƒe aƒe la be:


Miɖo nutsitsidɔ kɔkɔe, eye miɖe gbe ƒã takpegbe! Miƒo ame tsitsiwo kple anyigbadzitɔwo katã nu ƒu ɖe Yehowa, mia Mawu la ƒe me, eye mido ɣli na Yehowa!


Xa nu abe ɖetugbi, si ta akpanya ɖe eƒe ɖetugbimesrɔ̃ ŋu la ene!


Elabena mese ɣli abe nyɔnu, si le ku lém la tɔ ene, abe nyɔnu, si le vi ŋgɔgbea dzim la ƒe ŋɔdziɣli ene, mese Zion-nyɔnuvi, si le ŋeŋem hewu asi dzi la ƒe gbe be; Baba nam, elabena nye luʋɔ tsi amewulawo si!


Ɣemaɣi la Aƒetɔ, Yehowa Zebaot, yɔ ame hena avifafa, konyifafa, talulũ kple akpanyatata;


Elabena konyifaɣli kpe Moab ƒe liƒo ɖo, eƒe avifafa de Eglayim ke, eƒe avifafa de Beer-Elim ke!


Eye Yeremya kpa konyifaha le Yosiya ŋu, eye hadzilaŋutsuwo kple hadzilanyɔnuwo katã dzi Yosiya le woƒe konyifahawo me, eye wòzu kɔnu na Israel vaseɖe egbe; kpɔ ɖa, woŋlɔ wo ɖe konyifahawo me.


Ale Yehowa gblɔ esi: Míese ŋɔdziɣli, vɔvɔ̃ ɖeɖe sɔŋ, eye ŋutifafaa ɖeke meli o.


Eyata anyigba axa nu, eye nu ati kɔ na edzinɔlawo katã, eye woatsrɔ̃ gbemelãwo, dziƒoxewo kple keke atsiaƒumelãwo ke hã.


Aleke, ŋkeke la! Elabena Yehowa ƒe ŋkeke la tu aƒe, eye gbegblẽ wònye tso ŋusẽkatãtɔ la gbɔ gbɔna.


Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Nyɔnu, siwo dzia ha le fiasãwo me la, afa avi gbemagbe, ame kukuwo asɔ gbɔ, eye woazi ɖoɖoe atso wo, aƒu gbe ɖe teƒewo katã.


Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Mitsa ŋu, eye miyɔ nyɔnu yɔƒewɔlawo, ne woava, eye miɖo ame ɖe nyɔnu nyanuwo, ne woava,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite