Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Amos 5:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Eyata nunyala ƒe nu nede gã le ɣemaɣi, elabena ɣeyiɣi vɔe wònye.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

13 eya ta ame siwo nye nunyalawo la, azi ɖoɖoe le ɣeyiɣi mawo me, elabena ɣeyiɣi vɔ̃e wònye.

Gade chapit la Kopi




Amos 5:13
17 Referans Kwoze  

Ke nya esia bena, le ŋkeke mamleawo me la ɣeyiɣi vɔ̃wo lava.


Eyata ale Yehowa gblɔ esi: Meɖo tame vɔ̃ ɖe ƒome sia ŋu, miaɖe ta le eme o, eye miadzɔ kã anɔ yiyim o, elabena ɣeyiɣi vɔ̃ɖi wònye.


Ɖeko amea ɖeke megawɔ dzre, eye wòaku mo na ame o, elabena wo dukɔ la le abe amesiwo nɔa dzre wɔm; kple nunɔlawo la ene.


nuvuvuɣi li, nye nutɔɣi li; ɖoɖoeziɣi li, eye nuƒoɣi li;


Eyata mikpla Mawu ƒe aʋawɔnu blibo la katã, bene míate ŋu anɔ te le ŋkeke vɔ̃ la dzi, eye ne miewu wo katã nu vɔ la, miakpɔ tsitrenɔnɔ.


Mesee, eye nye dɔme ʋuʋu, nye nuyiwo le ƒoƒom kokóko, eye ŋuɖui ɖo ƒuwo me nam; ne metsi tre ɖi la, menɔa dzodzom nyanyanya, elabena mele anyi nɔ ge kpoo akpɔ hiãɣi, si le dukɔ, si xaxa mí ɖo la dzi va ge.


eye ne woƒe ƒometɔ, amesi be, yeatɔ dzo wo la, va, be yeafɔ ame kukuawo tso aƒea me, eye wòbia amesi kpɔtɔ ɖe xogã me be: Amea ɖe gale gbɔwò hã, eye wòɖo ŋu be: Ɖeke megali o la, agblɔ be. Mia nu, ne womagaɖo ŋku Yehowa ƒe ŋkɔ dzi o.


wogblɔ nɛ bena Ale Xizkiya gblɔ esi Egbe enye xaxa-, tohehe- kple vlodogbe. Elabena viwo ɖo dzidzɔ me, ke ŋusẽ meli woadzi wo o.


Ke wozi kpi, womeɖo nyaa ɖeke ŋu nɛ o.


Amegbetɔ menya eƒe azãgbe o, ke boŋ abe alesi wotsɔa dɔ vɔ̃ɖi ɖea tɔmelãwo, eye wotsɔa mɔ̃ ɖea xewoe la, nenema woɖea amegbetɔviwo abe woawo ene le dzɔgbevɔ̃eɣi, ne eƒo ɖe wo dzi kpoyi.


Ke dukɔ la zi kpi, eye meɖo nyaa ɖeke ŋu nɛ o, elabena fia la de se gblɔ bena: Migaɖo nyaa ɖeke ŋu nɛ o!


Eye ɖe nyea manɔ lalam, esi womele nu ƒom o, wozi ɖoɖoe, eye nya ŋuɖoɖo megale wo ŋu o laa?


Mele abe tokunɔ ene, nyemesea nu o, eye mele abe aɖetututɔ, si mekea eƒe nu o la ene.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite