Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Amos 4:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Eyata Israel, ale mele wɔ wò ge enye si: Esi mele esia wɔ ge wò la, eyata Israel, dzra ɖo naɖakpe kple wò Mawu!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

12 “Eya ta ale mawɔ na wò, O Israel! Esi wònye aleae mawɔ na wò ta la, dzra ɖo nàdo go wò Mawu, O Israel!”

Gade chapit la Kopi




Amos 4:12
20 Referans Kwoze  

Miexe gbagbãƒewo o, eye mieɖo gli ɖe Israel ƒe aƒe la ŋu, ne wòanɔ te ɖe aʋa nu le Yehowa ƒe ŋkeke la dzi o.


Wò ama adze go, eye woakpɔ wò ŋukpeƒe. Mabia hlɔ̃, eye amea ɖeke matso mía dome o.


Eyaŋuti miawo hã misu te; elabena Amegbetɔvi la ava le gaƒoƒo, si ŋuti miebu o la me.


Ŋkeke alesi nègale mɔ dzi kple wò ketɔ la, wɔ ɖeka kplii kaba bena, ne wò ketɔ nagava tsɔ wò ade asi na ʋɔnudrɔ̃la, eye vɔnudrɔ̃la nagatsɔ wò ade asi na atikplɔtɔ la, eye woade wò gaxɔ me o.


Medze wo dzi abe sisiblisinɔ, si ŋu woɖe vi le la ene, maflo tsrokpa da le woƒe dzi ŋu, maɖu wo abe dzatanɔ ene, eye gbemelãwo avuvu wo.


Medi ame le wo dome, si aɖo gli, eye wòatsi tre ɖe gbagbãƒe le ŋkunye me ɖe anyigba la nu, ne magagblẽe o, ke nyemekpɔ ɖeke o.


Eyata ɖo ŋku nusi nèxɔ, eye nèse la dzi, eye nèlé eme ɖe asi, eye natrɔ le wò dzi me. Ne mènɔ ŋudzɔ azɔ o la, ekema mava ado ɖe dziwò abe fiafitɔ ene, eye manya gaƒoƒo, si dzi mava ado ɖe dziwò o.


Sitsoƒe abu ɖe ame ɖablɛ, ŋusẽtɔ mate ŋu awɔ eƒe ŋusẽ ŋu da o, eye kalẽtɔ maɖe eƒe agbe o;


Mi amesiwo li bɔkɔɔ, dzidzi neƒo mi; mi ablɔɖewo, midzo nyanyanya! Miɖe ava ɖi, miɖe amama, eye misa akpanya ɖe ali!


esime ne wo nu dziŋɔ, siwo míekpɔ mo na o, èɖi ɖe anyi, eye towo dzo kpekpekpe le ŋkuwò me!


Yehowa be: Ɖe miagbem vɔvɔ̃, eye miadzo nyanyanya le ŋkunye me oa? Nye amesi tsɔ ke do liƒo na atsiaƒu wònye kpododo mavɔ, si dzi magbɔ o, ne edze agbo hã, mate ŋui o, eye ne eƒe tsotsoewo le gbe ɖem hã, magbɔ edzi ayi o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite