Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Amos 3:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Aƒetɔ Yehowa, Mawu Zebaot, be: Misee, eye mitsɔe ɖi ɖase na Israel ƒe aƒe la be:

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

13 Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu la gblɔ be, “Misee, eye miagblɔe na Yakob ƒe aƒe la be:

Gade chapit la Kopi




Amos 3:13
15 Referans Kwoze  

eye amea ɖeke nagaba nɔvia, eye wòatafae le dɔwɔwɔ me o; elabena Aƒetɔ lae nye nusiawo katã ƒe hlɔ̃biala, abe alesi miegblɔ tsã, eye míeɖi ɖase na mi la ene.


Azɔ la mele esia gblɔm, eye mele ɖase ɖim le Aƒetɔ la me bena, azɔ la miagazɔ abe alesi trɔ̃subɔlawo hã zɔna le woƒe tamesusu ƒe yakanyenye me la ene o,


hele dzimetɔtrɔ yi Mawu gbɔ kple mia Aƒetɔ Yesu Kristo dzixɔxɔse ŋuti ɖase ɖim na Yudatɔwo kple Helatɔwo siaa.


Eɖi ɖase kple nya bubu geɖewo hã, eye wòxlɔ̃ nu wo gblɔ bena Mina woaɖe mi tso dzidzime gɔglɔ̃ sia me!


eye mana woaɖe aboyo mi agbɔ Damasko ŋu ʋĩ ayii, Yehowa, amesi ŋkɔ nye Mawu Zebaot lae gblɔe!


ke boŋ gblɔ nye nyawo na wo, wosee o, womeɖasee o; elabena ƒome sẽto wonye.


Eyata Aƒetɔ, Yehowa Zebaot, Israel ƒe ŋusẽtɔ la ƒe gbe enye si: Alele, mele akɔ fa ge na ɖokuinye ɖe nye ketɔwo ŋu, eye mele hlɔ̃ bia ge ɖe nye futɔwo ŋu.


Eye wòɖo nyagblɔɖilawo ɖe wo gbɔ, be woatrɔ wo ɖe Yehowa ŋu, eye woxlɔ̃ nu wo, ke womeɖo to o.


Wodo vlo eƒe ɖoɖowo kple nu, si wobla kple wo fofowo kpakple eƒe se, si wòde na wo la, eye wowɔ yakanuwo hezu ame ɖigbɔwo, eye wodze dukɔ, siwo ƒo xlã wo la yome, eva wònye Yehowa de se na wo be, womegawɔ abe woawo ene o hafi.


Eye Yehowa xlɔ̃ nu Israel kple Yuda to eƒe nyagblɔɖilawo katã, siwo nye nukpɔlawo la dzi gblɔ bena: Mitrɔ tso miaƒe mɔ vɔwo dzi, eye milé nye sewo kple nye dodowo me ɖe asi, abe alesi mede se na mia fofowo kple alesi mede nye dɔla nyagblɔɖilawo si ɖo ɖe mi la ene.


Mawu, Mawu Yehowa, Mawu, Mawu Yehowa ŋutɔe nyae, eye Israel hã nanyae: Nenye aglãe miehe, miadze, alo voe míebe, míada ɖe Yehowa ŋu la, ekema megaxɔ mi ɖe agbe egbe sia o!


Ke ne èŋlɔ Yehowa, wò Mawu la be, eye nèdze mawu bubuwo yome hesubɔ wo, eye nède ta agu na wo la, ekema meka ɖe dzi na mi egbea be, miatsrɔ̃ avɔ kokoko;


Gbesigbe mahe to na Israel ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ la, mahe to na Betel ƒe vɔsamlekpuiwo hã, eye woaŋe vɔsamlekpui la ƒe dzowo woage adze anyi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite