Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Amos 3:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Yehowa be: Womenya nu dzɔdzɔe wɔwɔ o, eye woli kɔ nu madzɔmadzɔ wɔwɔ kple ŋutasesẽ ɖe woƒe fiasãwo me gleglegle.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

10 Yehowa be, “Nye dukɔ ŋlɔ nu nyui wɔwɔ be, woƒe aƒe nyuiwo me yɔ kple nu siwo wofi kple nu siwo woda adzoe.”

Gade chapit la Kopi




Amos 3:10
23 Referans Kwoze  

Mahe to na amesiwo katã tia kpo flɔa kpuiwo, eye wotsɔa ŋu-tasese kple alakpadada yɔa wo-ƒe aƒetɔ ƒe xɔwo taŋ la, gbemagbe.


Elabena nye dukɔ dzɔ lã, womedze sim o; vi tsibomewo wonye, eye Womenya nu o; nunyalawo wonye le vɔ̃ɖiwɔwɔ me, ke nyuiwɔwɔ la, womedzea si eya o.


Ɖe nu vlo wɔlawo katã, amesiwo le nye dukɔ ɖum, abe alesi woɖua aboloe ene, eye womeyɔa Yehowa o la, medze si esia oa?


Elabena ɖe woɣlae ɖe wo, esi wole edim nenema, bena dziƒowo li tso blema ke, eye anyigba hã li hedo tso tsi me, eye wòto tsi me le Mawu ƒe nya nu;


Ɖe sɔwo ate ŋu aƒu du le agakpe dzia, eye ɖe woatsɔ nyiwo aŋlɔ agble ɖe atsiaƒu dzia? Elabena miawo mietrɔ nya dzɔdzɔe wòzu aɖi, kple dzɔdzɔenyenye ƒe kutsetse wòzu atsa


mi amesiwo trɔ nya dzɔdzɔe wòzu atsa, eye miete dzoe dzɔenyenye ɖe to!


Nyea mebu be: Amesiawo, ame dahewoe, wodzɔ lã, elabena Womenya Yehowa ƒe mɔ kple woƒe Mawu ƒe se la o.


Eye wògblɔ nam be: Amevi, èkpɔea? Ɖe Israel ƒe aƒe la ƒe ŋunyɔnu, siwo wɔm wòle le afisia, mesɔ gbɔ nɛ o, hafi wotsɔ ŋutasesẽ le anyigba dzi yɔm, eye wole dziku dom nam de edzia? Kpɔ ɖa, wotso hahlayɛ le dodom ɖe woƒe ŋɔti nu.


mebaa ame o, egbugbɔa awɔbanu, si wòxɔ ɖe eƒe fe nu la nana, eye meɖua sesẽnu o, enaa eƒe abolo dɔwuitɔwo, eye wòtaa avɔ na amesiwo tsi ƒeƒle,


Dukɔ hahoo la ɖua sesẽnu, eye wodaa adzo, esẽa ŋuta le ame dahewo kple hiãtɔwo ŋu, eɖua sesẽnu le amedzrowo si hedaa se la dzi.


Mi amesiwo ɖi be, dzɔgbevɔ̃egbe la nate ɖa, eye miele ŋutasesẽ ƒe fiazikpui hem vɛ;


Aƒetɔ Yehowa ta eƒe agbe be: Ale Yehowa, Mawu Zebaot, gblɔ esi: Yakob ƒe dàda le ŋu nyɔm nam, melé fu eƒe fiasãwo, eye matsɔ du la kple eme nuwo ade asi.


Ɖe kesinɔnu madzɔmadzɔ kple nudotree nyaŋui, si ŋu fi-ƒode le la, gale ame vɔ̃ɖi ƒe me koa?


Naneke mekpɔtɔ o le eƒe nutsuɖuɖu la, eyata eƒe dzɔgbenyuie matɔ ɖi o.


míaƒe asi asu nu vevi vovovowo dzi, eye míatsɔ aboyonu ayɔ míaƒe xɔwoe,


Nyɔnu nyodɔme ƒe asi sua bubu dzi; ke ŋutasẽlawo ƒe asi sua kesinɔnu ko dzi.


Nu vɔ̃ɖi wɔlawo mesea nu dzɔdzɔe wɔwɔ gɔme o, ke amesiwo dia Yehowa la, sea nuwo katã gɔme.


Eye megade ŋku de ameteteɖeanyi, siwo katã dzɔna le ɣea te la, eye kpa da, amesiwo woto de anyi la ƒe aɖatsiwo le tsyɔtsyɔm, ke akɔfalaa ɖeke meli na wo o; amesiwo te wo de anyi la, se ŋuta le wo ŋu, ke akɔfalaa ɖeke meli na wo o.


Ne mebe, mada gbe le Israel ŋu la, Efrayim ƒe vodadawo kple Samaria ƒe nu vɔ̃di wɔwɔwo dee ta ɖa. Elabena wodaa alakpa, fiafitɔwo dzea kpɔ, eye adzohawo nɔa nu ham le mɔ dzi.


Mise nya sia, mi Basan-nyinɔ, siwo le Samaria-to dzi! Mi amesiwo te ame dahewo ɖe anyi, miegbã hiãtɔwo gudugudu, eye miegblɔ na miaƒe atsuwo bena: Miku aha vɛ míano!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite