Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Amos 2:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Wodraa afɔ ɖe awɔbavɔ dzi le vɔsamlekpuiwo katã gbɔ, eye wonoa nyadrɔ̃ha le woƒe mawuwo ƒe me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

8 Woɖoa atsyɔ̃ kple avɔ siwo woxɔ le fenyilawo si le vɔsamlekpuiwo katã gbɔ, eye wonoa nyadrɔ̃ha siwo woxɔ le woƒe mawuwo ƒe aƒe me.

Gade chapit la Kopi




Amos 2:8
17 Referans Kwoze  

mi amesiwo noa wein le vɔsatrewo me, eye miesa ami veviwo, eye Yosef ƒe abixɔxɔ metsɔa fu lã me na mi o!


Miate ŋu ano Aƒetɔ la ƒe kplu, agano gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe kplu hã o; miate ŋu akpɔ gome le Aƒetɔ la ƒe kplɔ̃ ŋuti, agakpɔ gome le gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe kplɔ̃ ŋuti hã o.


Migazu trɔ̃subɔlawo hã abe wo dome amea ɖewo ene o, abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: „Dukɔ la bɔbɔ nɔ anyi, wòdu nu, eye wono nu, eye wotsi tre, eye wode asi fefe me.“


Ke nenye amea ɖe kpɔ wò amesi si sidzedze le la, nèbɔbɔ nɔ trɔ̃xɔ me le nu ɖum la, menye ɖee ma nède dzi ƒo na amesi gbɔdzɔ la ƒe dzitsinya, bene wòaɖu trɔ̃wo ƒe vɔsawo o mahã?


mi amesiwo mlɔ nyiɖubatiwo dzi, eye miedra ɖe mia mlɔƒewo, mieɖu alẽviwo le lãhawo dome kple nyiviwo le lãkpɔ me;


Mise nya sia, mi Basan-nyinɔ, siwo le Samaria-to dzi! Mi amesiwo te ame dahewo ɖe anyi, miegbã hiãtɔwo gudugudu, eye miegblɔ na miaƒe atsuwo bena: Miku aha vɛ míano!


Nye dukɔ ƒe nuvɔ̃wo nye nuɖuɖu na wo, eye dɔ le wo wum ɖe woƒe vodada ŋu.


èbɔbɔ nɔ ada nyuia ɖe dzi, si ŋgɔ woɖo kplɔ̃ ɖo, eye nètso nye dzudzɔdonu kple nye ami da ɖe edzi.


esẽa ŋuta le ame dahewo kple hiãtɔwo ŋu, eɖua sesẽnu, eye megbugbɔa awɔbanu nana o, efɔa mo te ɖe legbawo ŋu, eye wòwɔa ŋunyɔnu,


mebaa ame o, egbugbɔa awɔbanu, si wòxɔ ɖe eƒe fe nu la nana, eye meɖua sesẽnu o, enaa eƒe abolo dɔwuitɔwo, eye wòtaa avɔ na amesiwo tsi ƒeƒle,


woyi agble ɖaxa woƒe weintsetsewo hewɔ wein, eye woɖu akpedadaŋkekenyuie: woyi de woƒe mawu ƒe me ɖu nu no nu, eye woɖo ɖiŋu na Abimelex.


Etu mlowòƒe ɖe to, si ko bobobo la dzi, eye nèyi edzi, be nawu vɔsalã.


Womedo ɣli nam le woƒe dzi me o, ke boŋ wofa avi le woƒe abawo dzi; wova kpe ta le bli kple aha yeye ta, eye wotrɔ nu le yonyeme.


Gbesigbe mahe to na Israel ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ la, mahe to na Betel ƒe vɔsamlekpuiwo hã, eye woaŋe vɔsamlekpui la ƒe dzowo woage adze anyi.


Ne exɔ hawòvi ƒe avɔ awɔbae la, ekema gatsɔe nɛ, hafi ɣe naɖo to,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite