Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Amos 2:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Wo amesiwo ƒe ve me le fiefiẽm ɖe kekui, si le ame dahe ƒe ta me la ŋu, woglɔ̃a mɔ na hiãtɔwo, eye vi kple fofoa woyia gbolo ɖeka gbɔ, ne woaɖo gu nye ŋkɔ kɔkɔe la.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

7 Wotea ame dahewo ɖe to, eye wotrɔa gbo nya dzɔdzɔewo na ame gblɔe siwo wote ɖe to. Vɔ̃ɖitɔe nye be, ŋutsu kple via dea ɖetugbi ɖeka gbɔ heƒoa ɖi nye ŋkɔ kɔkɔe la.

Gade chapit la Kopi




Amos 2:7
24 Referans Kwoze  

Elabena menyae be, miaƒe dzidadawo sɔ gbɔ, eye miaƒe nuvowo teƒe mekɔ o, mielé ame dzodzɔewo ɖe ke me, miexɔ zãnu, eye miete ame dahewo ɖe anyi le ʋɔnu!


Amesiame wɔa ŋunyɔnu ɖe ehavi srɔ̃ ŋu, amesiame wɔa ŋukpenanu kple eƒe tɔyɔvinyɔnu hedoa gu eɖokui, eye amesiame dea asi nɔvianyɔnu, si nye fofoa ƒe vinyɔnu la ŋu.


ne woate ame dahewo ƒe nya ɖe to, eye woada adzo nya dzɔdzɔe le nye dukɔ ƒe hiãtɔwo si, ne ahosiwo nazu woƒe aboyonu, eye woaha tsyɔ̃eviwo!


Wose mia ŋkɔ keŋ bena, ahasiwɔwɔ le mia dome, eye ahasiwɔwɔ ma tɔgbe mele trɔ̃subɔlawo dome hã o bena, amea ɖe xɔ fofoa srɔ̃.


Mienyã nye ɖukɔ ƒe nyɔnuwo ɖa le woƒe xɔ, siwo gbɔ womelɔ̃a nu le o la me, eye miexɔ atsyɔ̃ le wo viwo si ɖikaa.


Ne agble dzro wo la, woxɔnɛ; ne xɔ dzro wo la, wodaa adzoe, eye woɖua sesẽnu le aƒe kple aƒetɔ si, le ŋu-tsu kple eƒe domenyinu si.


Elabena le miawo ŋuti la wogblɔa busunya ɖe Mawu ƒe ŋkɔ ŋuti le trɔ̃subɔlawo dome, abe alesi woŋlɔ ɖi ene.


Eƒe amegawo le eme abe dzata ɖegbe ene, eye eƒe ʋɔnuɖrɔ̃lawo le abe amegãxi, siwo le zã me, eye womekpɔtɔa naneke ɖi na ŋdi o la ene.


Misee, mi amesiwo ƒe ve me le fiefiẽm ɖe ame dahewo ŋu, eye mietsrɔ̃ hiãtɔwo;


Mise nya sia, mi Basan-nyinɔ, siwo le Samaria-to dzi! Mi amesiwo te ame dahewo ɖe anyi, miegbã hiãtɔwo gudugudu, eye miegblɔ na miaƒe atsuwo bena: Miku aha vɛ míano!


Eye esi wova dukɔwo dome la, wodo gu nye ŋkɔ kɔkɔe la, le afisiafi, si woyi, ale be wole gbɔgblɔm le wo ŋu bena: „Yehowa ƒe dukɔe nye esia, eye eƒe anyigba dzi woɖu tso“


Amedzidede menyo o, abolo kakɛ pɛ hã ana ame dada vo.


Tete Axab yi eƒe me, eɖo aɖa, eye dzi kui le nya, si Yezreeltɔ Nabot gblɔ nɛ be: nyemetsɔ fofonyewo ƒe domenyinu na wò o la ta. Eye wòmia eƒe aba dzi hetrɔ mo ɖe aga, eye wogbe nuɖuɖu.


Ke esi newɔ nusia, eye nena Yehowa ƒe futɔwo kpɔ fewuɖunu la, eyata ŋutsuvi, si wodzi na wò la, aku.


Maɖe ŋku atɔ ame la, eye matsrɔ̃e ɖa le eƒe dukɔ la dome, elabena etsɔ via na Molex, bena wòado ŋunyɔ nye kɔkɔeƒe la, eye wòaƒo ɖi nye ŋkɔ kɔkɔe la.


Megaɖe asi viwòŋutsu srɔ̃ ŋu o; wò ŋutɔ viwò srɔ̃e; megaɖe amae o.


Megade asi fofowò srɔ̃ ŋu o, elabena eƒe ama nye fofowò tɔ.


Nyemahe to na miaƒe nyɔnuviwo le esi wole gbolo wɔm ta o, eye nyemahe to na miaƒe toyɔvinyɔnuwo le esi wole ahasi wɔm ta o; elabena woawo ŋutɔwo kplɔ ahasitɔwo de kpɔe, eye wosa vɔ kple gbolowo, ale be dukɔ manyanu la dze anyi.


Megatsɔ viwò sa vɔe na Molex o, bena nagaƒo ɖi Yehowa, wò Mawu ƒe ŋkɔ o. Nyee nye Yehowa.


Yehowa kple eƒe dukɔ ƒe ame tsitsiwo kpakple eƒe amegãwo ɖi ʋɔnu be: Miawo miegblẽ nye weingble, eye mieha ame dahewo ƒe nuwo ɖe miaƒe xɔwo me.


Aƒetɔ, Yehowa Zebaot ƒe gbe enye si be: Nukaŋuti mienyã avuzi le nye dukɔ dzi, eye mieto hiãtɔwo ƒe mo nyanyanya?


Baba na amesiwo tsɔ ɖoɖo gbegblẽwo wɔ see, kple agbalẽŋlɔla, siwo le ameteteɖanyi ŋlɔm ɖi,


Esi miefanya ame dahewo kple afɔ, eye miexɔ blidzɔ le wo si la, eyata miatsɔ kpe fufuwo atu xɔe, gake mianɔ wo me o; miade weingble nyowo, gake miano woƒe wein o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite