Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Amos 2:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Matsrɔ̃ ʋɔnudrɔ̃la lé wo dome, eye mawu eƒe amegãwo katã akpe ɖe eŋu; Yehowa ye gblɔe!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 eye mawu eƒe fia kple eŋutimewo katã.” Yehowae gblɔe.

Gade chapit la Kopi




Amos 2:3
10 Referans Kwoze  

Esi nèle dzi ɖom ɖe wò dɔwɔwɔwo kple wò kesinɔnuwo ŋu la, eyata woaxɔ wò hã, eye Kamos ayi aboyo me hekpe ɖe eƒe trɔ̃nuawo kple amegãwo ŋu.


Mele ekpɔm, gake menye fifiae o; mekpɔnɛ, gake mele kpuiƒe o. Ɣletivi ado tso Yakob me, eye fiatikplɔ ado tso Israel me; aŋe tonuƒuiwo na Moab, eye wòakaka la le amesiwo nye zi la nu.


Yehowa be: Wòŋe Moab ƒe dzo, eye wolã eƒe alɔ.


eya, amesi na amegãwo zu nu maɖinui, eye anyigba dzi ʋɔnudrɔ̃lawo zu tofloko.


Eyata mi fiawo, mídze nunya, eye mina woaxlɔ̃ nu mi, mi anyigba dzi ʋɔnudrɔ̃lawo!


Etrɔa vlododo kɔna ɖe amegãwo dzi, eye wodoe agblɔ ŋusẽtɔwo ƒe alidziblanu me.


Ne wotutu woƒe ʋɔnudrɔ̃lawo tso agakpe dzi ƒu abu me le ekema woase nye nyawo be, wovivina.


mi amesiwo trɔ nya dzɔdzɔe wòzu atsa, eye miete dzoe dzɔenyenye ɖe to!


Elabena menyae be, miaƒe dzidadawo sɔ gbɔ, eye miaƒe nuvowo teƒe mekɔ o, mielé ame dzodzɔewo ɖe ke me, miexɔ zãnu, eye miete ame dahewo ɖe anyi le ʋɔnu!


Ɖe sɔwo ate ŋu aƒu du le agakpe dzia, eye ɖe woatsɔ nyiwo aŋlɔ agble ɖe atsiaƒu dzia? Elabena miawo mietrɔ nya dzɔdzɔe wòzu aɖi, kple dzɔdzɔenyenye ƒe kutsetse wòzu atsa


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite