Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Amos 2:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Mekplɔ mi tso Egipte-nyigba dzi, eye mena miezɔ gbe dzi ƒe blane, ne miaxɔ Amoritɔwo ƒe anyigba.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

10 Mekplɔ wò do goe tso Egipte, eye mekplɔ wò le gbedzi ƒe blaene sɔŋ, be woava xɔ Amoritɔwo ƒe anyigba.

Gade chapit la Kopi




Amos 2:10
26 Referans Kwoze  

Elabena Yehowa, wò Mawu, yra wò asinudɔwɔwɔwo katã, enya wò mɔzɔzɔwo katã le gbe gã sia dzi, eye Yehowa, wò Mawu, li kpli wò ƒe blane sɔŋ, ale be naneke mehiã wò o.


Gbemagbe Yehowa kplɔ Israel-viwo ƒe amehawo tso Egipte-nyigba dzi.


Mise Yehowa ƒe nya, si wògblɔ ɖe mi Israel-viwo, mi ƒome blibo, si wòkplɔ tso Egipte-nyigba dzi la ŋu:


Eye anɔ ƒe blane sɔŋ wòlé wo ɖe asi le wo nyim le gbeadzi.


Ke Mawu trɔ ɖe wo, eye wòtso wo na dziƒoha ƒe subɔsubɔ, abe alesi woŋlɔ ɖe nyagblɔɖilawo ƒe agbalẽ me ene bena: „Israel-ƒeme, alo nyee mietsɔ lã wuwuwo kple numemewo vɛ na le ƒe blanea me le gbedzia?


Nyee kplɔ wò tso Egipte-nyigba dzi, mexɔ wò ƒle tso kluvinyenyeƒe me, eye medɔ Mose, Aron: kple Miryam woɖze ŋgɔwò ɖe!


Ale Yehowa gblɔ esi: De mi Israel-viwo, miele nam abe Kusiviwo ene oa? De nyemekplɔ Israel tso Egipte-nyigba dzi, Filistitowo tso Kaftor, eye Aramtɔwo tso Kir oa?


Eye meɖi va, be maɖe wo le Egiptetɔwo si me, eye makplɔ wo atso anyigba sia dzi ayi ɖe, anyigba, si nyo, eye wòlólo la dzi, anyigba, si dzi notsi kple anyitsi bɔ do, afisi Kanaanitɔwo. Xititɔwo, Amoritɔwo, Perizitɔwo, Xiwitɔwo kple Yebusitɔwo le.


Ale mekplɔ wo tso Egipte-nyigba dzi heva gbe dzi.


Ƒe blane sɔŋ ƒome sia nyɔ ŋu nam, eye megblɔ be: Dukɔ, si ƒe dzi tre mɔ, wonye eye womenya nye mɔwo o;


Ƒe blane sɔŋ nènyi wo le gbea dzi, eye naneke mebia wo o; woƒe avɔwo medo xoxo o, eye woƒe afɔwo mete o.


Eye miaƒe vidzie, siwo ŋu miegblɔ le be, woazu aboyonu, kple mia viŋutsu, siwo mele nyui alo vɔ̃ nyam egbe siawo o la, ade afima, eye matsɔe na wo wòanye wo to.


Nyee nye Yehowa wò Mawu, si kplɔ wò tso kluvinyenyeƒe me le Egipte-nyigba dzi.


Eye Israel xɔ du siawo katã, eye Israel nɔ Amoritɔwo ƒe du Xesbon kple eŋu duwo katã me.


Kanaanitɔwo ƒe anyigba blibo la kple Meara, si nye Zidonitɔwo to, vaseɖe Afek kple Amoritɔwo ƒe liƒo ŋu,


Eye wode vɔvɔ̃ anyigba, si dzi wotsa ŋku le la, ŋu na Israel-viwo be: Anyigba, si dzi miede ɖatsa ŋku le la, le edzinɔlawo mim, eye dukɔ, siwo katã le edzi la, nye ame kplalawo sɔŋ.


Eye Yehowa do dɔmedzoe ɖe Israel ŋu, eye wòna wotsa le gbedzi ƒe blane sɔŋ, vaseɖe esime ƒome, siwo katã wɔ nuvɔ̃ le Yehowa ŋku me la, tsrɔ̃ keŋkeŋ.


Emegbe mekplɔ mi va Amoritɔwo, siwo no Yordan ƒe go keme dzi la, ƒe anyigba dzi, eye wowɔ aʋa kpli mi; ke metsɔ wo de asi na mi, miexɔ woƒe anyigba, eye metsrɔ̃ wo le mia ŋgɔ.


Eye womegblɔ be: Afika Yehowa, amesi kplɔ mí tso Egipte-nyigba dzi la le hã o; eya amesi kplɔ mí to gbe dzi, to kuɖiɖinyigba kple blukɔ tsiɖitsiɖi ƒe anyigba dzi, to anyigba, si dzi amea ɖeke metona o, afisi amegbetɔa ɖeke mele o la dzi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite