Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Amos 1:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Ale Yehowa gblɔ esi: Le Tiro ƒe nu vɔ̃ɖi, wɔwɔ etɔ̃ kple eneawo la, nyematsɔe akee o; elabena woɖe aboyo amewo keŋkeŋ ɖade asi na Edom, eye womeɖo ŋu nɔviwo ƒe nubabla la o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

9 Ale Yehowa gblɔe nye esi, “Le Tiro ƒe nu vɔ̃ gbogboawo ta la, nyematsɔ wo akee o, elabena eda le nubabla si le eya kple Israel dome la dzi, eye wòdze edzi, wɔ aʋa kplii hekplɔe yi ɖe kluvinyenye me le Edom.

Gade chapit la Kopi




Amos 1:9
23 Referans Kwoze  

Eye Tiro-fia Xiram ɖo amewo kple sedertiwo ɖe Dawid hekpe ɖe atikpalawo kple kpefulawo ŋu, ne woatu xɔ na Dawid.


Vɔ̃ ana wò, Korazin! Vɔ̃ ana wò, Betsaida! Elabena ŋusẽdɔwɔwɔ, siwo wowɔ le mewo la, ɖe wowɔ wo le Tiro kple Zidon la, ne wòtrɔ le woƒe dzi me le blema le akpanya kple afi me.


Ale Yehowa gblɔ esi. Le Edom ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ etɔ̃ kple eneawo ta, nyematsɔe akee o; elabena etsɔ yi ti nɔvia yome, eye wòmia ŋku ɖe nublanuikpɔkpɔ dzi na eɖokui, ele nu vuvum ɖaa le dɔmedzoe me, eye wòlé dziku ɖe dɔ me ɖikaa.


Ale Yehowa gblɔ esi: Le Gaza ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ etɔ̃ kple eneawo ta, nyematsɔe akee o; elabena woɖe amewo keŋkeŋ, be woakplɔ wo ayi aɖade asi na Edom.


le ŋkeke, si gbɔna la ta, be woagblẽ Filistitowo katã, eye woatsrɔ̃ Tiro kple Sidon ƒe xɔnametɔ susɔeawo; elabena Yehowa le Filistitɔ, siwo kpɔtɔ ɖe Kaftor-ƒukpo dzi la gblẽ ge.


na Tiro-fiawo katã, Zidon-fiawo katã kple ƒukpowo dzi fia, siwo le atsiaƒu ƒe go keme;


Eye megale egblɔm na mi bena: Mele sesẽ ge na Tiro kple Zidon le ʋɔnudrɔ̃gbeŋkeke la dzi abe miawo ene o.


Baba na wò, Korazin! Baba na wò, Betsaida! Elabena ɖe wowɔ ŋusẽdɔ, siwo wowɔ le mia dome la, le Tiro kple Zidon la, ne wotrɔ le woƒe dziwo me le akpanya kple afi me nɔnɔ me.


Gake mele sesẽ ge na Tiro kple Zidon le ʋɔnudɔdrɔ̃ la me abe miawo ene o.


Edom ƒe agbadɔwo kple Ismaeltɔwo, Moabtɔwo kple Hagaritɔwo,


Etsɔ wò vodada gbogboawo kple wò asitsatsa madzɔmadzɔ gblẽ ko ɖo na wò kɔkɔeƒe la; eyata mena dzo do tso mewo hefiã wò, eye metso wò wo dzowɔe ɖe anyigba dzi le amesiwo katã kpo wò la ŋku me.


Gbemagbe èle eteƒe; esi amedzrowo ɖe aboyo eƒe aʋakɔwo ɖzoe gbemagbe, du bubu me towo ge ɖe eƒe agbowo me, eye wodzidze nu ɖe Yerusalem dzi la, wò hã ènye wo dometɔ ɖeka.


Esia nye Yehowa ƒe nya, si wògblɔ ɖe Xadrax-nyigba ŋu, kple eƒe nya, si va nɔ Damasko — elabena Yehowa ƒe ŋku le amegbetɔwo kple Israel ƒe toawo katã ŋu —


Eye Yehowa ƒe gbe va nam bena:


Wò kesinɔnuwo, wò asitsanuwo kple wò adzɔnuwo, wò ʋukulawo, wò kuɖɔɖolawo kple amesiwo trea wò ɖuɖuƒewo, kpakple amesiwo ɖɔa li adzɔnu na wò, wò aʋawɔla, siwo katã le mewo, kple wò ameha blibo, si le mewo la, anyrɔ ɖe atsiaƒu titina le wò anyidzegbe.


Eye Yehowa ƒe gbe va nam bena:


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite