Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Amos 1:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Esia nye Amos, amesi tso alẽnyilawo dome le Tekoa la ƒe nya, si wòkpɔ ɖe Israel ŋu ƒe eve ɖo ŋgɔ na anyigbaʋuʋu le Yuda-fia Uziya ŋɔli kple Israel-fia Yerobeam, Yoas-vi ŋɔli la.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

1 Esiawoe nye Amos, lãkplɔla siwo tso Tekoa la dometɔ ɖeka ƒe nyawo. Ekpɔ ŋutega tso Israel ŋuti ƒe eve do ŋgɔ na anyigba ƒe ʋuʋu, esime Uzia nɔ fia ɖum le Yuda, eye Yoas ƒe vi, Yeroboam, nɔ fia ɖum le Israel.

Gade chapit la Kopi




Amos 1:1
23 Referans Kwoze  

Eye miasi ayi nye to la ƒe bali me, elabena to la ƒe balime aɖe Azal ke; miasi, abe alesi miesi le anyigbaʋuʋu nu le Yuda-fia Uriya ŋɔli ene; Yehowa, nye Mawu la, ava eye ame kɔkɔeawo katã akpe ɖeeŋu!


Tete Amos ɖo ŋu gblɔ na Amazya bena: Nyemenye nyagblɔɖila alo nyagblɔɖilawo ƒe vi o, ke boŋ lãkplɔvi kple gbotidola menye.


Mi Benyamin-viwo, misi tso Yerusalem! Miku kpẽ le Tekoa, eye mitu aflaga ɖo Bet-Hakerem; elabena dzɔgbevɔ̃e kple gbegblẽ gã tso anyiehe gbɔna.


Eye wòfɔ ŋdi kanya heho ɖo ta Tekoa-gbedzi. Esi woho la, Yosafat tsi tre ɖi gblɔ bena: Miɖo tom, mi Yuda kple Yerusalemtɔwo! Ne miexɔ Yehowa, mia Mawu dzi se la, ekema mianɔ te, eye ne miexɔ eƒe nyagblɔɖilawo dzi se la, ekema adze edzi na mi!


Etso Betlexem, Etam, Tekoa,


Esi wodzo le afima la, ekpa Elisa, Safat vi, tsa nyi eveve teƒe wuieve le agble ŋlɔmee, eye eva ŋuta le wuieveliawo ŋu; tete Eliya yi egbɔ, eve wòtsɔ eƒe awu ʋlaya ƒu gbe ɖee.


Tete Yoab dɔ ame ɖe Tekoa woɖakplɔ nyɔnu dzeaɖaŋua ɖe vɛ, eye wògblɔ nɛ bena: Taflatse, wɔ ɖokuiwò, abe aho wum nèle ene, eye nata ahovɔ, megasi ami o, eye nanɔ abe nyɔnu, si le aho wɔm na ame kuku eteƒe didi ene!


Xilkiya, amesi tso nunɔlawo dome le Anatot le Benyamin-nyigba dzi la ƒe vi Yeremya ƒe nyawo enye si;


Esia nye ŋutega, si Yesaya, Amoz vi la, kpo le Yuda kple Yerusalem ŋu le Yuda-fiawo Uziya, Yotam, Axaz kple Xizkiya ŋɔli.


Le Yuda-fia Amazya, Yoas vi ƒe ƒe wuiatɔ̃lia me la Yerobeam, Israel-fia Yoas ƒe vi, zu fia le Samaria ƒe blane vɔ ɖeke.


hafi Mawu tia xexeame bometsinuwo, bene wòaɖo ŋukpe nunyalawo, eye Mawu tia xexeame gbɔdzɔgbɔdzɔnuwo, bene wòado ŋukpe nu sesẽwo;


Esia nye Yehowa ƒe nya, si va na Mixa, Moresitɔ la, eye wò-kpɔ ɖe Samaria kple Yerusalem ŋu le Yuda-fia Yotam, Axaz kple Xizkiya ŋɔli.


Esia nye Yehowa ƒe gbe, si va na Hosea, Beeri vi, le Yuɖafiawo Uziya, Yotam, Axaz kple Xizkiya ŋɔli kpakple Israel-fia Yerobeam, Yoas vi ŋɔli.


Tete Yuda-dukɔ blibo la tsɔ Azarya, amesi nye ƒe wuiade vi la, ɖo fia ɖe fofoa Amazya teƒe.


Ne ègblɔ nya siawo katã na wo la, womasee na wò o, eye ne èyɔ wo la, womatɔ na wò o.


Eye Mose kpɔ toa Midian-nunɔla Yetro ƒe alẽwo dzi. Gbe ɖeka esi wòkolɔ alẽawo yi gbedzi la, eva Mawu ƒe to Xoreb gbɔ.


Ke esi wòle tsa ɖim le Galilea-ƒua nu la, ekpɔ nɔviŋutsu eve, Simon, si woyɔna be Petro, kple nɔvia Andrea, wole asabu dam ɖe ƒua me: elabena tɔƒodelawo wonye.


Nyagblɔɖila, siwo do ŋgɔ na mía kple wò tsã la, wogblɔ aʋawɔwɔ, dzɔgbevɔ̃e kple dɔvɔ̃ ƒe nya ɖi ɖe anyigba geɖewo kple fiaɖuƒe gãwo ŋu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite