Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 9:41 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

41 Eye wòna asii hekɔe ɖe dzi; eye esi wòyɔ ame kɔkɔeawo kple ahosiawo ve la, etsɔe ɖo woƒe ŋku me agbagbee.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

41 Petro lé eƒe alɔnu, eye wòtsi tsitre. Azɔ Petro yɔ xɔsetɔawo kple ahosiawo va xɔa me, eye wòtsɔ Dɔkas gbagbe la de asi na wo.

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 9:41
15 Referans Kwoze  

Eye le ŋkeke siawo me, esime nusrɔ̃lawo le agbɔ sɔm la, liʋiliʋi ɖo Helatɔwo dome de Hebritɔwo ŋu, elabena wosaa woawo ƒe ahosiwo ɖi le gbesiagbe dzikpɔkpɔ la me.


Eye esi wòte va la, elé eƒe alɔnu hekɔe ɖe dzi, eye ŋudza la dzo le edzi, eye wòsubɔ wo.


Ke wokplɔ ɖevi la vɛ agbagbe, eye menye akɔfafa ʋeea ɖe wokpɔ o.


Eye esi wòlé eƒe nuɖusi la, ekɔe ɖe dzi, eye enumake ŋusẽ ɖo eƒe afɔwo kple afɔkɔewo me.


Eye ame kuku la fɔ bɔbɔ nɔ anyi, eye wòde asi nuƒoƒo me, eye wòtsɔe na dadaa.


Ke esi wògogo du la ƒe agbo nu la, kpɔ ɖa, wotsɔ ame kukua ɖe, si nye tenuvi na dadaa, si nye ahosi la, le go domi, eye duametɔ geɖewo kpe ɖe eŋuti.


Yehowa kpɔa amedzrowo ta, eléa tsyɔeviwo kple ahosiwo ɖe asi, eya wòglɔ̃a ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔ.


Ame tsiasi ƒe yayra vaa dzinye, eye mewɔa ahosi ƒe dzi wòtsoa aseye.


Eye Eliya tsɔ ɖevi la ɖi tso xɔtaxɔ la me va xɔa me, eye wòtsɔe na dadaa. Eye Eliya gblɔ bena: Kpɔ ɖa, viwò la tsi agbe.


Eye wogblɔ nɛ bena: Yosef gale agbe, eye wònye dziɖula le Egipte-nyigba blibo la katã dzi. Ke nya la ka ɖe Yakob, eye mexɔe se o.


Ke Anania xɔ edzi gblɔ bena: Aƒetɔ, mese le ame geɖewo nu le ŋutsu sia ŋuti, alesi wòwɔ vɔ̃ geɖe ɖe wò ame kɔkɔe, siwo le Yerusalem la ŋu;


Eye wòva me bena, esi Petro tsa le afiawo katã la, eva ame kɔkɔe, siwo le Lida hã gbɔ.


Bu ahosi, siwo nye ahosi vavãwo!


Ke nyɔnu, si nye ahosi vavã, eye amea ɖeke meli nɛ o la, tsɔa eƒe mɔkpɔkpɔ ɖoa Mawu dzi, eye wònɔa kukuɖeɖewo kple gbedodoɖawo dzi zã kple keli.


Eye wògblɔ be: Lée! Tete wòɖo asi ɖa lée.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite