Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 9:39 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

39 Eye Petro tsi tre, eye wòyi kpli wo. Eye esi wòva la, wokplɔe yi ɖe dziƒoxɔa me, eye ahosiawo katã le tsitre ɖe egbɔ le avi fam hele awutewui kple awu ʋlaya, siwo Zi tɔ, esime woa kpli wo wonɔ anyi la, fiam.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

39 Petro lɔ̃ va Yopa. Esi wòva ɖo teti ko la, wokplɔe yi dziƒoxɔ dzi le xɔ si me wokɔ Dɔkas ƒe kukua mlɔe. Xɔa me yɔ fũu kple konyifalawo, ame siwo dometɔ geɖewo nye ahosi siwo Dɔkas lɔ̃ avɔ alo awu na le eƒe agbe me. Ɖe sia ɖe nɔ nu siwo Dɔkas wɔ nɛ la tsɔm fia nɔvia.

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 9:39
26 Referans Kwoze  

eye ɖaa míeɖoa ŋku miaƒe xɔse ƒe dɔwɔwɔ kple lɔlɔ̃ ƒe agbagbadzedze kpakple mɔkpɔkpɔ na mía Aƒetɔ Yesu Kristo la ƒe dzidodo le Mawu, mía Fofo ƒe ŋku me la dzi.


Fiafitɔ la nagafi fi o, ke boŋ nedze agbagba, ne woatso eƒe asiwo awɔ dɔ nyui, bene wòakpɔ nane aɖana hiãtɔwo.


Ŋkuɖoɖo ame dzɔdzɔe la dzi zua yayra, ke ame vɔ̃ɖi la ƒe ŋkɔ nyunyɔna.


Viwo, migana miatsɔ nya kple aɖe alɔ̃ amee o, ke boŋ miatsɔ nuwɔwɔ kple nyateƒe alɔ̃ amee.


Ke, nɔviwo, míele didim bena, mianɔ numanyamanya me le amesiwo dɔ alɔ̃ la ŋuti o, bene miagaxa nu, abe ame bubu, siwo mɔkpɔkpɔ meli na o la ene o.


Elabena ne edzilɔlɔ̃ le la, edze ame ŋu be, woaxɔ le nusi le amesi la nu, eye menye le nusi mele esi o la nu o.


Le nuwo katã me metia mi bena, ale wòle be, ame nawɔ dɔ, be wòaxɔ na ame gbɔdzɔgbɔdzɔwo, eye be miaɖo ŋku Aƒetɔ Yesu ƒe nya, siwo eya ŋutɔ gblɔ la dzi bena: „Nana enye yayra wu xɔxɔ.“


Eye wòna asii hekɔe ɖe dzi; eye esi wòyɔ ame kɔkɔeawo kple ahosiawo ve la, etsɔe ɖo woƒe ŋku me agbagbee.


Eye ŋutsu, siwo vɔ̃a Mawu la, ɖi Stefano, eye wofa konyi nɛ ŋutɔ.


Eye le ŋkeke siawo me, esime nusrɔ̃lawo le agbɔ sɔm la, liʋiliʋi ɖo Helatɔwo dome de Hebritɔwo ŋu, elabena wosaa woawo ƒe ahosiwo ɖi le gbesiagbe dzikpɔkpɔ la me.


Ŋkeke alesi meli kpli wo le xexeame la, nye la medzra wo ɖo ɖe wò ŋkɔ la me; amesiwo nètsɔ nam la, medzɔ wo ŋu, eye wo dometɔa ɖeke mebu o, negbe tsɔtsrɔ̃vi la koe, bena woawu ŋɔŋlɔ la nu.


Elabena ame dahewo li kpli mi ɖaa; ke nye la nyemeli kpli mi ɖaa o.


Eye wògblɔ na wo bena: Esiawo nye nye nya, siwo megblɔ na mi, esi megali kpli mi la bena: Ele be, woawu nusiwo katã woŋlɔ ɖe Mose ƒe se la kple nyagblɔɖilawo kpakple Psalmowo me le ŋutinye la nu.


Ewo nusi wòate ŋui; edze ŋgɔgbe va si ami na nye ŋutilã la hena ɖiɖi.


Elabena ame dahewo la woli kpli mi ɖaa, ke nye la nyemeli kpli mi ɖaa o.


Ke Yesu xɔ edzi gblɔ bena: O, dzidzime maxɔse kple dzidzime, si tro kpaɖikpaɖi; ɣekaɣie manɔ anyi kpli mi ase ɖo? Eye ɣekaɣie mado dzi ahe mi ase ɖo mahã? Mikplɔe va gbɔnye afii!


Nusianu, si wò asi ate ŋu awɔ la, wɔe kple wò ŋusẽ; elabena nuwɔwɔ alo tamebubu, sidzedze alo nunya mele tsieƒe, afisi yi ge nala o.


Israel-nyɔnuviwo, mifa avi na Saul, amesi la aɖabɛ na mi heɖo atsyɔ̃ na mi, eye wòɖo sikatsyɔ̃ɖonu ɖe awu: dzi na mi!


Eye esi wova dua me la, woyi ɖe dziƒoxɔ, si me wonɔna la me: Petro kple Yakobo, Yohanes kple Andrea, Filipo kple Toma, Bartolomeo kple Mateo, Yakobo, Alfeo vi, kple Simon Zelotes kpakple Yuda, Yakobo vi.


Bu ahosi, siwo nye ahosi vavãwo!


Ke nyɔnu, si nye ahosi vavã, eye amea ɖeke meli nɛ o la, tsɔa eƒe mɔkpɔkpɔ ɖoa Mawu dzi, eye wònɔa kukuɖeɖewo kple gbedodoɖawo dzi zã kple keli.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite