Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 9:38 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

38 Ke esi Lida te ɖe Yope ŋu, eye nusrɔ̃lawo se bena, Petro le afima la, wodɔ ŋutsu eve ɖo ɖe egbɔ ɖe kuku nɛ bena, megatsi anyi, hafi ava yewo gbɔ o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

38 Ke esi nusrɔ̃lawo se Petro ŋkɔ le Lida la, woɖe ame eve ɖo ɖee kple kukuɖeɖe be wòaɖe abla ava yewo gbɔ le Yopa, elabena Lida tsɔ ɖe Yopa gbɔ.

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 9:38
15 Referans Kwoze  

Eye nyɔnu-nusrɔ̃laa ɖe le Yope, amesi ŋkɔ nye Tabita, si gɔmee nye zi, eya la yɔ fũ kple dɔ nyui wɔwɔ kple dɔmenyonu, siwo wòwɔna.


Eye wòva me bena, ƒe blibo ɖeka woƒo ƒu le hame la me, eye wofia nu ameha gãa ɖe, eye bena Antioxia woyɔ nusrɔ̃lawo le gbã be kristotɔwo.


Eye wòva me bena, esi Petro tsa le afiawo katã la, eva ame kɔkɔe, siwo le Lida hã gbɔ.


Me-Hayarkon kple Harakon kple eƒe anyigba, si le Yafo kasa.


Eye Salomo xlẽ amedzro, siwo katã le Israel-nyigba dzi, le alesi fofoa Dawid xlẽ wo la nu, wole ŋutsu akpe alafa ɖeka blaatɔ̃ vɔ etɔ̃ kple alafa ade.


Wotsɔ ga na kpefulawo kple atikpalawo, eye wotsɔ nuɖuɖu kple nunono kpakple ami na Sidontɔ vo kple Tirolɔwo, ne woatsɔ sedertiwo atso Libanon dzi ato ƒu dzi ava Yafo, abe alesi Persia-fia Kores ɖe gbe na woa ene.


Ke Yona tso, be yeasi le Yehowa ŋku me ayi Tarsis. Eye esi wòva Yafo, eye wòkpɔ ʋua ɖe, si le Tarsis yi ge la, exe fe, eye wòɖoe, be yeasi atso Yehowa ŋku me ayi Tarsis kpli wo.


eye woɖu nu, eye wòkpɔ ŋusẽ. Eye wònɔ nusrɔla, siwo le Damasko la gbɔ ŋkekea ɖewo.


Eye wose nusia le Yope katã, eye ame geɖewo xɔ Aƒetɔ la dzi se.


Ke eva me bena, enɔ Yope xɔ ŋkeke geɖe le Simon ɖe, si fea kpe agbalẽ la gbɔ.


Azɔ dɔ ŋutsuwo ɖo ɖe Yope, ne wòaɖakpe Simon, sii woyɔna be Petro la vɛ;


eye esi woxlẽ nya siawo katã fia wo la, edɔ wo: ɖo ɖe Yope.


Mele Yope-dua me le gbe dom ɖa, eye le ŋutega me la mekpɔ nane le ɖiɖim ɖe anyi abe aklala gãa ɖe, si wosa kɔ dzogoe ene me nɛ ene heɖi tso dziƒo va gbɔnye.


eye wòka eta na mí, alesi wòkpɔ mawudɔla la le tsitre le eƒe me, eye wògblɔ bena: Dɔ ame ɖo ɖe Yope, ne woaɖayɔ Simon, si woyɔna be Petro la vɛ,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite