Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 9:35 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

35 Eye amesiwo katã nɔ Lida kple Saron la kpɔe, eye wotrɔ va Aƒetɔ la gbɔ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

35 Nukunu sia wɔe be ame siwo katã le Lida kple Saron la dze Aƒetɔ la yome, elabena wokpɔ Aeneas wònɔ zɔzɔm.

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 9:35
32 Referans Kwoze  

Eye Aƒetɔ ƒe asi li kpli wo, eye ame geɖewo xɔe se, eye wotrɔ va Aƒetɔ la gbɔ.


Eye wose nusia le Yope katã, eye ame geɖewo xɔ Aƒetɔ la dzi se.


Wonɔ Gilead, Basan kple wo ŋu duwo me kpakple Saron ƒe nutowo katã me vaseɖe eƒe mlɔenu.


Woaƒo se ake, eye woatso dzidzɔkpɔkpɔ kple aseyetsotso ase vivii. Woatso Libanon ƒe ŋutikɔkɔe, Karmel kple Saron ƒe atsyɔ̃ nɛ. Woakpɔ Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe kple mia Mawu ƒe atsyɔ̃.


Ke ɣesiɣi woatrɔ le woƒe dzi me ava Aƒetɔ la gbɔ la, woaɖe nutsyɔnu la ɖa.


Hiãtɔwo aɖu nu aɖi ƒo; amesiwo biaa Yehowa ta sena la, nekafui! Agbe neɖo miaƒe dzi ŋu tegbee!


Sitrai, Saronitɔ, le nyi, siwo ɖua gbe le Saron la nu; eye Safat, Adlai vi, le nyi, siwo le bali me la nu;


Ale Aƒetɔ ƒe nya la tsi kple nusẽ, eye wòkpɔ dziɖuɖu enye si.


Eye wòle esiawɔwɔ dzi ƒe eve sɔŋ, ale bena amesiwo katã le Asia la, Yudatɔwo kple Helatɔwo siaa, se Aƒetɔ ƒe nya la.


Eyaŋuti nye la mebu bena, miagaɖe fu na amesiwo trɔ tso trɔ̃subɔlawo dome va Mawu gbɔ la o,


Eye mawunya la keke ta, eye nusrɔ̃lawo ƒe xexlẽme le agba sɔm ŋutɔ le Yerusalem; eye nunɔlawo ƒe ha gãa ɖe hã na ta xɔse la.


Ke amesiwo se nyaa la, dome geɖea xɔe se; eye ŋutsuawo ƒe xexlẽme anɔ akpe atɔ̃.


Israel, gatrɔ ɖe Yehowa, wò Mawu la ŋu, elabena wò vodadawoe tsɔ wò ƒu anyi.


Yehowa enye Mawu Zebaot, Yehowa enye eŋkɔ.


Mina míaɖo míaƒe zɔzɔme a pɔ, míadzro eme akpɔ, eye míatrɔ ɖe Yehowa ŋu!


Ameka se esia tɔgbe kpɔ, eye ameka kpɔ esia tɔgbe kpɔ? Ɖe anyigbae ɖe adzɔ gbe ɖeka, eye ɖe woadzi dukɔa ɖe zi ɖeka? Hafi Zion ya lé ku, eye wodzi viawo zi ɖeka.


Saron azu alẽwo ƒe gbeɖuƒe, eye Axorbalime la azu nyiwo ƒe akɔtsyɔƒe hena nye dukɔ, si biaa tanye sena la.


Anyigba le nu xam wòte eŋu, ŋu kpe Libanon, eƒe lãme gbã, Saron zu abe gbegbe ene, eye Basan kple Karmel lu xe.


Mi Israel-viwo, migatrɔ ɖe amesi yome mietrɔ le la ŋu!


Wò dukɔ atsɔ eɖokui ake wò le wò aʋakpegbe, eye wò ɖekakpuiwo anɔ atsyɔ̃ɖoɖo kɔkɔe me ado na wò abe zãmu tso agudzedze ƒe dɔ me ene.


Ne nu siawo katã va dziwò le ɣeyiɣi, siwo gbɔna me, eye nèɖo xaxa me la, ekema atrɔ ɖe Yehowa, wò Mawu ŋu, eye aɖo to eƒe gbe;


Midze miaƒe dziwo, menye miaƒe awuwo o, eye migatrɔ ɖe Yehowa, mia Mawu la ŋu! Elabena amenuvela kple nublanuikpɔla wònye, egbɔa dzi ɖi blewu, amenuveve bɔ ɖe esi, eye vɔ̃wɔwɔ venɛ.


Elpaal viwo nye Eber, Misam kple Semer; eya tso Ono kple Lod kpakple wo ŋu duwo.


Lod viwo, Hadid viwo kple Oni viwo le ame alafa adre kple blave vɔ atɔ̃.


Lod viwo, Hadid viwo kple Ono viwo le ame alafa aɖre kple blave vɔ ɖekɛ.


Lod kple Ono le atikpalawo ƒe bali la me.


hele Mawu kafum, eye wokpɔ amenuveve le dukɔ blibo la katã gbɔ. Eye Aƒetɔ la tsɔa amesiwo kpɔ agbexɔxɔ la kpena ɖe ha la ŋu gbesiagbe.


Eye Petro gblɔ nɛ bena: Ainea, Yesu Kristo yɔ dɔ wò: tsi tre, eye wò ŋutɔ naɖo wò aba! Eye enumake wòtsi tre.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite