Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 9:33 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

33 Eye afima wòkpɔ ŋutsua ɖe, si ŋkɔ nye Ainea, amesi mlɔ eƒe aba dzi ƒe enyi sɔŋ, elabena ele lãmetutudɔ lém.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

33 Teƒe sia wòkpɔ ŋutsu aɖe si woyɔna be Aeneas, ame si nɔ lãmetutudɔ lém, eye wòtsi aba dzi ƒe enyi sɔŋ le.

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 9:33
13 Referans Kwoze  

Ke Abraham ƒe vinyɔnu sia, si Satana bla, kpɔ ɖa, ƒe wuienyi sɔŋ la, ɖe medze be, woatui le babla sia me le Sabat ŋkeke dzi o mahã?


Eye ŋutsua ɖe le Listra le anyinɔƒe, si metea ŋu tsia tre ɖe eƒe afɔwo dzi o, eye wònye tekunɔ tso keke dadaa ƒe dɔme ke; amesi mezɔ azɔli kpɔ o.


Elabena amesi ŋu wowɔ dɔyɔyɔdzesi sia le la, xɔ ƒe wowu ƒe blane.


Eye wotsɔ ŋutsua ɖe, si nye tekunɔ tso dadaa ƒe dome ke la ve, amesi wotsɔna dana ɖe mawuxɔ la ƒe ʋɔtru, si woyɔna be nyui la nu gbesiagbe, be wòabia nu le amesiwo yina ɖe mawuxɔa me la si.


ke alesi wɔ wòle nu kpɔm azɔ la, míenyae o, alo amesi nu ŋkuwo ne la, míenyae o; mibia eya ŋutɔ, etsi, aƒo nu le eɖokui ŋuti.


Eye esi wòle eme tsom yina la, ekpɔ amea ɖe, si nye ŋkuagbãtɔ tso eƒe dzidzi me ke.


Ke amea ɖe, si le ɖɔ lém ƒe blaetɔ̃ vɔ enyi sɔŋ la, le afima.


Eye wòbia fofoa bena: Ɣekaɣi nusia va edzi mahã? Eye wòbena: Tso keke eƒe ɖevime kee.


Eye nyɔnua ɖe, si ŋu ʋu le dodom le ƒe wuieve sɔŋ,


Eye eƒe ŋkɔ ɖi hoo le Siria blibo la katã; eye wotsɔ amesiwo katã ƒe lãme gblẽ, kple amesiwo le dɔ bubu ƒomeviwo lém, kple amesiwo le fu kpem, kple amesiwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo le la, kple kpeŋuikulawo kple lãmetututɔwo katã va egbɔ, eye wòda gbe le wo ŋu.


Eye wòva me bena, esi Petro tsa le afiawo katã la, eva ame kɔkɔe, siwo le Lida hã gbɔ.


Eye Petro gblɔ nɛ bena: Ainea, Yesu Kristo yɔ dɔ wò: tsi tre, eye wò ŋutɔ naɖo wò aba! Eye enumake wòtsi tre.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite