Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 9:21 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Eye, amesiwo katã see la, kuvia ɖo wo, eye wogblɔ bena: Alo menye eyae nye amesi gblẽ amesiwo yɔa ŋkɔ sia dzi le Yerusalem, eye eyata wòva afisia ɖo, be yeabia wo akplɔ ayi ɖe nunɔlagãwo gbɔe oa?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

21 Ame siwo katã se Saulo ƒe mawunya la ƒe nu ku, eye wobia wo nɔewo be, “Alo menye ame siae wɔ funyafunya geɖe ame siwo yɔa ŋkɔ sia le Yerusalem le woƒe xɔse ta oa? Míese gɔ̃ be ɖe wòva Damasko afi sia be yealé xɔsetɔwo ade ga wo akplɔ yii na nunɔlagãwo le Yerusalem!”

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 9:21
20 Referans Kwoze  

Ke Saul gblẽ hame la hegena ɖe aƒewo me, eye wòhea ŋutsuwo kple nyɔnuwo yi ɖadea gaxɔ me.


ne ava, bena wòakpɔ ŋutikɔkɔe le eƒe ame kɔkɔewo me, eye woawo nuku na amewo le dzixɔsetɔwo katã ŋuti le ŋkeke ma dzi; elabena miexɔ míaƒe ɖaseɖiɖi dzi se.


Mikpɔ lɔlɔ̃ gã, si ƒomevi Fofo la tso ke mi la ɖa, bena woayɔ mí be mawuviwo! Eyata xexeame medze si mi o; elabena medze si eyama hã o.


Ke esi wokpɔ Petro kple Yohanes ƒe dzideƒo, eye wose bena, ame masrɔ̃nuwo kple ame manyanuwo wonye la, woƒe mo wɔ yaa, eye wodze si wo hã bena, woa kple Yesu wonɔ anyi.


Ke wodze sii bena, eyae nye amesi nɔ anyi ɖe mawuxɔ la ƒe ʋɔtru nyui la nu le nubiabia ta, eye wotsi yaa, eye kuvia ɖo wo ŋutɔ le nusi va; ve me la ŋuti.


Eye kuvia ɖo wo katã, eye wotsi dzodzodzoe hele gbɔgblɔm na wo nɔewo bena: Esia gɔme ɖe?


Ke esi gbe sia ɖi la, ameha la ƒo zi va kpe ta, eye woƒe nu ku, elabena amesiame se wole ye ŋuta degbe gblɔm.


Wò nunɔlagã Yosua kple xɔ̃wò, siwo bɔbɔ nɔ gbɔwò la, misee; elabena ŋutsu, slwò nye kpɔdzidze la wonye. Elabena mele nana ge nye dɔla Zemax nava.


Kpɔ ɖa, mía kple vi, siwo Yehowa tsɔ nam la, míenye dzesi kple kpɔɖeŋu le Israel tso Yehowa Zebaot, amesi le Zionto dzi la gbɔ.


Nuku menye na ame geɖewo, ke wòe nye nye sitsoƒe sesẽ.


Dzo mate Yakob ŋu o, eye afã aŋe vo ɖe Israel ŋu. Azɔ ko woagblɔ le Yakob kple Israel ŋu be: Nu gã ka nye esi Yehowa wɔa?


Megatsɔm ƒu gbe le ŋkuwò me o, eye megaxɔ wò gbɔgbɔ kɔkɔe la le asinye o!


Eye esi wòdze klo la, edo ɣli kple gbe sesẽ bena: Aƒetɔ, megado nuvɔ̃ sia teƒe na wo o! Eye esi wògblɔ esia la, eto me do alɔ̃.


Ke Saul sẽ ŋu ɖe dzi gawu, eye wòna Yudatɔ, siwo le Damasko la ƒe nu tsi te, esi wòfiã kɔte bena, amesiae nye Kristo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite