Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 9:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Eye nusrɔ̃laa ɖe le Damasko, eŋkɔe nye Anania, eye Aƒetɔ la gblɔ nɛ le ŋutega me bena: Anania! Eye wògblɔ be: Kpɔ ɖa, nyee nye esi, Aƒetɔ!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

10 Mawudzixɔsela aɖe si ŋkɔe nye Anania la nɔ Damasko dua me ɣe ma ɣi. Mawu yɔe le ŋutega me gbe ɖeka be “Anania.” Etɔ, eye wògblɔ be, “Nyee nye esi, Aƒetɔ.”

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 9:10
23 Referans Kwoze  

Eye Anania, ŋutsua ɖe, si vɔ̃a Mawu le sea nu, amesi ŋu Yudatɔ, siwo katã le afima, ɖi ɖase nyuie le la,


Ekpɔ le ŋutega me kɔte anɔ ŋkeke ƒe ga asieke me bena, mawudɔla ɖe va egbɔ le eme, eye wògblɔ nɛ bena: Kornelio!


Le nya siawo megbe la Mawu do Abraham kpɔ, eye wògblɔ nɛ bena: Abraham! Eɖo ŋu nɛ bena: Nye enye si!


Tete mese Aƒetɔ la ƒe gbe wògblɔ bena: Ameka madɔ, eye ameka ayi na mí? Tete megblɔ bena: Nyee nye esi, dɔm!


Tete Yehowa yɔ Samuel, eye wòtɔ gblɔ bena Nyee nye si!


Ke esi Yehowa kpɔ bena, ele tetem ta, be yeakpɔe ɖa la, Mawu yɔe tso ŋuve la me bena: Mose, Mose! Eɖo ŋu bena: Nyee nye si!


Eye mawudɔla gblɔ nam le drɔ̃e me bena: Yakob! Meɖo ŋu bena: Nye enye si!


„Eye ava me le ŋkeke mlɔeawo me, Mawue gblɔe, bena matrɔ nye Gbɔgbɔ la akɔ ɖe ŋutilã katã dzi, eye miaƒe ŋutsuviwo kple miaƒe nyɔnuviwo agblɔ nya ɖi, eye miaƒe ɖekakpuiwo akpɔ ŋutegawo, eye miaƒe amegã ɖeɖiwo aku drɔ̃ewo.


Tete woɖe nya ɣaɣla la fia Daniel le ŋutega me le zã. Eye Daniel kafu dziƒo Mawu la.


Gake ne egblɔ be, nye nu menyo ye ŋu o la, nyee nye esi, newɔm, alesi dze eŋu!


Eye wògblɔ bena: Mise gbenye! Ne amea ɖe nye Yehowa ƒe nyagblɔɖila le mia dome la, ekema meɖea ɖokuinye fianɛ le ŋutega me, eye meƒoa nu kplii le drɔ̃e me.


Eye eya ŋutɔ kple eƒe ameawo dze aʋa va fiti wo le zã me hesi wo, eye wonyã wo vaseɖe Xoba le Damasko ƒe anyiehe.


Eye ŋkeke etɔ̃ sɔŋ mekpɔ nu kpɔ o, meɖu naneke o, eye meno naneke hã o.


Mele Yope-dua me le gbe dom ɖa, eye le ŋutega me la mekpɔ nane le ɖiɖim ɖe anyi abe aklala gãa ɖe, si wosa kɔ dzogoe ene me nɛ ene heɖi tso dziƒo va gbɔnye.


Eye wòdo go dze eyome, eye menyae bena, nusi va me to mawudɔla dzi la, ele me vavã o, ke ebu xa bena, ŋutega yekpɔ.


Eye Paulo kpɔ ŋutega le zã me. Makedonia-ŋutsua ɖe le tsitre le kuku ɖem nɛ gblɔ bena: Tso ƒu va Makedonia, eye naxɔ na mí!


Eye esi wòkpɔ ŋutega la la, enumake miedi be, míayi Makedonia, esi miedze sii pete bena, Mawue yɔ mí ɖa, be miagblɔ nyanyuie la afia wo.


Ke Aƒetɔ la gblɔ na Paulo le ŋutega me le zã me bena: Megavɔ̃ o, hafi boŋ ƒo nu, eye megazi ɖoɖoe o;


Le Damasko la fia Areta ƒe du me dziɖula dzo Damaskotɔwo ƒe du la ŋuti, bena yealém,


eye nyemeyi Yerusalem ɖe amesiwo tre apostolonyenye nam la gbɔ o, ke boŋ metɔ dzi heyi ɖe Arabia, eye megagbugbɔ va Damasko.


eye wòkpɔ ŋutsua ɖe le ŋutega me, amesi ŋkɔ nye Anania la, gbɔna egbɔ, eye wòle asi dam ɖe edzi, bena wòagakpɔ nu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite