Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 8:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Eye Filipo va Samaria-dua me, eye wòɖe gbe ƒã le Kristo ŋuti na wo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

5 Filipo hã yi Samaria, eye wòɖe gbeƒã le Kristo ŋuti na wo.

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 8:5
18 Referans Kwoze  

Eye nya lé dze ha blibo la katã ŋu; eye wotia Stefano, ŋutsu, si ya fũ kple xɔse kpakple Gbɔgbɔ kɔkɔe la, kple Filipo, Prokoro kple Nikanora, Timona, Parmena kple Nikolao, si nye trɔ̃subɔla-zu-Yudatɔ tso Antioxia,


Eye esi ŋu ke la, miedzo va Kaisarea, eye mieyi ɖe nyanyuiegblɔla Filipo ƒe me, amesi nye ame adreawo dometɔ ɖeka, eye mienɔ egbɔ.


Eye wokpɔ Filipo le Asdod, eye wòle tsatsam hele nyanyuie la gblɔm fia le duawo katã me vaseɖe Kaisarea.


Elabena amea ɖeke mate ŋu aɖo gɔmeɖoɖo bubu anyi o, negbe esi woɖo anyi, si nye Yesu Kristo la ko.


ke miawo la mieɖea gbe ƒã Kristo, amesi woklã ɖe atitsoga ŋu la, esi nye nukikli na Yudatɔwo kple bometsinu na Helatɔwo;


Eye gbesiagbe womedzudzɔ nuhaha kple nyanyuiegbɔgblɔ fia le Yesu Kristo ŋuti le mawuxɔ me kple aƒe me o.


Elabena nyemebu bena, menya nane le mia dome o, negbe Yesu Kristo ko, amesi kekeake woklã ɖe atitsoga ŋu la.


Eye enumake wòɖe gbe ƒã le Yesu ŋuti le ƒuƒoƒeawo me bena, eyae nye Mawuvi.


Ke Saul kpɔ dzidzɔ le eƒe wuwu ŋuti. Eye le ŋkeke ma ke dzi yometiti gãa ɖe va hame, si le Yerusalem la dzi, eye wo katã woka hlẽ ɖe Yudea kple Samaria-nutoawo me, negbe apostolowo koe mele me o.


Hafi boŋ miaxe Gbɔgbɔ kɔkɔe, si le mia dzi va ge la, ƒe ŋusẽ, eye mianye nye ɖaseɖilawo le Yerusalem kple Yudea katã kple Samaria, eye vaseɖe anyigba ƒe se ƒe ke.


Eye amehawo ɖo to nusi Filipo gblɔ la kple tame ɖeka, esi wosee, eye wokpɔ dzesi, siwo wòwɔ.


Ke Aƒetɔ ƒe dɔlaa ɖe ƒo nu na Filipo gblɔ bena: Tsi tre, eye nayi dziehe gome, ɖe mo, si tso Yerusalem yina Gaza, si nye gbedzimɔ la dzi.


Eye esi Filipo ƒu du yi egbɔ la, ese bena, ele nyagblɔɖila Yesaya ƒe agbalẽ xlẽm, eye wògblɔ nɛ bena: Ele nya, si xlẽm nèle la gɔme sema?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite