Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 8:36 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

36 Ke esi wole mɔa dzi heyina la, wova ɖo tsia ɖe gbɔ Eye aƒedzikpɔla la gblɔ bena: Kpɔ ɖa, tsie nye esi, nuka xe mɔ na nye mawutsidedeta mahã?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

36 Esi wonɔ mɔa dzi yina sẽe ko la, wova ke ɖe tɔsisi sue aɖe ŋu. Etiopia ŋutsua bia Filipo be, “Kpɔ ɖa! Tsie nye esi; nu ka ta nyemade mawutsi ta zi ɖeka o?” [

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 8:36
9 Referans Kwoze  

Tete Petro xɔ dzi gblɔ bena: Alo amea ɖe ate ŋu axe mɔ ɖe tsi be, woagade mawutsi ta na amesiawo, siwo xɔ Gbɔgbɔ kɔkɔe la abe miawo ke ene la o mahã?


Ke Yohanes hã le mawutsi dem ta na amewo le Aenon, si te ɖe Salem ŋuti, elabena tsi geɖe le afima, eye amewo va, eye wona wòde mawutsi ta na wo.


Yesu ɖo ŋu bena: Vavã, vavã mele egblɔm na wò bena: Ne womedzi ame tso tsi kple Gbɔgbɔ me o la, mate ŋu ayi ɖe dziƒofiaɖuƒe la me o.


Esiae nye amesi va le tsi kple ʋu me: Yesu Kristo, menye tsi ɖeɖe me koe wòva le o, ke boŋ tsi kple ʋu mee wòva le. Eye Gbɔgbɔ la enye amesi ɖia ɖase: elabena Gbɔgbɔ la enye nyateƒe la.


Mahlẽ tsi dzadzɛ ɖe mia ŋu, ne miaƒe nu makɔmakɔwo katã naɖi le mia ŋu, eye maklɔ miaƒe legbawo katã da le mia ŋu.


Eye wona wòde mawutsi ta na wo ɖe Yordan-tɔsisi la me, le esime woʋu woƒe nuvɔ̃wo me nɛ.


Nye la metso tsi de mawutsi la na mi hena dzimetɔtrɔ; gake amesi le megbenye gbɔna la, tri akɔ wum, amesi ƒe atokotawo medzem be, matsɔ wo o la, eya atso Gbɔgbɔ kɔkɔe kple dzo ade mawutsi ta na mi;


Eye Filipo gblɔ ne bena: Ne èxɔe; se kple wò dzi blibo la katã la, ekema woɖe mɔ na wò. Eye wòxɔ dzi ne gblɔ bena: Mexɔe se bena, Yesu Kristo enye Mawuvi la.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite