Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 8:35 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

35 Eye Filipo ke nu, eye wòdze gome tso ŋɔŋlɔ sia dzi hegblɔ Yesu ŋu nyanyuie la fiae.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

35 Tete Filipo wɔ mawunya si wòxlẽ la kple bubuwo ŋu dɔ hegblɔ nyanyui la nɛ le Yesu ŋu.

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 8:35
20 Referans Kwoze  

Eye esi wòdze egɔme tso Mose kple nyagblɔɖilawo katã dzi la, ede nusiwo le ŋɔŋlɔawo katã me le eŋuti la, ƒe gome fia wo.


elabena etso ŋusẽ ɖu Yudatɔwo dzi, eye wòfia to ŋɔŋlɔ la me le ablɔ me bena, Yesu ye nye Kristo la.


Elabena nyemebu bena, menya nane le mia dome o, negbe Yesu Kristo ko, amesi kekeake woklã ɖe atitsoga ŋu la.


Eye esi woɖo ŋkeke nɛ la, ame geɖewo va egbɔ le eƒe dzeƒe la, amesiwo wògblɔ nya la na hele ɖase ɖim le mawufiaɖuƒe la ŋuti, eye wòle eƒom ɖe wo nu le Yesu ŋuti tso Mose ƒe se la kple nyagblɔɖilawo me tso ŋdikanya vaseɖe fiẽ.


eye wòke nu, fia nu wo gblɔ bena:


Eye gbesiagbe womedzudzɔ nuhaha kple nyanyuiegbɔgblɔ fia le Yesu Kristo ŋuti le mawuxɔ me kple aƒe me o.


nenye ɖe miese eŋkɔ, eye wofia nu mi le eme, alesi nyateƒe la le Yesu me;


Míaƒe nu ke ɖe te na mi Korintotɔwo! Míaƒe dzi keke!


ke miawo la mieɖea gbe ƒã Kristo, amesi woklã ɖe atitsoga ŋu la, esi nye nukikli na Yudatɔwo kple bometsinu na Helatɔwo;


Ke Yudatɔ dzegowo dometɔa ɖewo, amesiwo nye gbesalawo la, te kpɔ de asi Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkɔyɔyɔ me ɖe amesiwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo le la dzi gblɔ bena: Meta Yesu, amesi ŋuti Paulo le gbe ƒã ɖem le la, na mi.


Ke esime wo dome ŋutsua ɖewo tso Kipro kple Kirene va Antioxia la, woƒo nu na Helatɔwo hã hele Aƒetɔ, Yesu ŋuti nyanyuie la gblɔm fia wo.


Tete Petro ke nu gblɔ bena: Medze sii le nyateƒe me be, Mawu mekpɔa ame ŋku me o,


Eye enumake wòɖe gbe ƒã le Yesu ŋuti le ƒuƒoƒeawo me bena, eyae nye Mawuvi.


bena ne gbɔɖemeɣi nava tso Aƒetɔ la ƒe ŋku me, eye wòadɔ Kristo Yesu, si woɖo ɖi na mi la ɖa.


Eye Epikuro- kple Sloa-nunyaxɔlɔ̃a ɖewo hã sẽ nu kplii. Eye amea ɖewo gblɔ bena: Nuka gɔ̃ dim nuƒola sia le be, yeagblɔ Ke ɖewo bena: Ewo abe dutamawuwo fiãm wòle ene; elabena egblɔ Yesu kple tsitretsitsi ƒe nyanyuie la fia wo.


Eye aƒedzikpɔla la ɖo ŋu na Filipo gblɔ bena: Meɖe kuku na wò, ameka ŋuti nyagblɔɖila la gblɔ esia ɖo, ye ŋutɔ ŋuti loo alo ame bubua ɖe ŋutie mahã?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite